< 箴言 31 >

1 利慕伊勒王的言语,是他母亲教训他的真言。
Fia Lemuel ƒe nyawo, nyagblɔɖi si dadaa fiae lae nye esi:
2 我的儿啊,我腹中生的儿啊, 我许愿得的儿啊!我当怎样教训你呢?
“Oo vinye, O nye dɔmevi, O nye adzɔgbeɖevi,
3 不要将你的精力给妇女; 也不要有败坏君王的行为。
Mègagblẽ wò ŋusẽ ɖe nyɔnuwo ŋu kple wò lãmeka ɖe ame siwo gblẽa fiawo dome la ŋu o.
4 利慕伊勒啊,君王喝酒,君王喝酒不相宜; 王子说浓酒在那里也不相宜;
“O Lemuel, esia menye fiawo tɔ o, menye fiawo tɔ be woano wain o eye menye dziɖulawo tɔ be woadzro aha sesẽ o.
5 恐怕喝了就忘记律例, 颠倒一切困苦人的是非。
Ne menye nenema o la, woamu aha aŋlɔ nu si sea gblɔ la be eye woaxɔ ablɔɖe le ame siwo wote ɖe anyi la si.
6 可以把浓酒给将亡的人喝, 把清酒给苦心的人喝,
Tsɔ aha muame na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m kple wain na ane siwo le nuxaxa me,
7 让他喝了,就忘记他的贫穷, 不再记念他的苦楚。
na woanoe aŋlɔ woƒe ahedada be eye womagaɖo ŋku woƒe hiãtuame dzi akpɔ o.
8 你当为哑巴开口, 为一切孤独的伸冤。
“Ƒo nu ɖe ame siwo mate ŋu aƒo nu ɖe wo ɖokui nu o la nu eye nàʋli amemanɔsitɔwo ƒe ablɔɖe ta.
9 你当开口按公义判断, 为困苦和穷乏的辨屈。
Ƒo nu eye nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ƒe ablɔɖe ta.”
10 才德的妇人谁能得着呢? 她的价值远胜过珍珠。
Ame ka akpɔ srɔ̃nyɔnu si ƒe agbe dze ame ŋu? Exɔ asi wu adzagba.
11 她丈夫心里倚靠她, 必不缺少利益;
Srɔ̃a kana ɖe edzi blibo eye nu sia nu si ŋu asixɔxɔ le la mevena le egbɔ o.
12 她一生使丈夫有益无损。
Le nyɔnu sia ƒe agbemeŋkekewo katã me la, ehea nyui ko vɛ, ke menye vɔ̃ o.
13 她寻找羊绒和麻, 甘心用手做工。
Edia ɖetifu kple avemeka eye wòwɔa dɔ kple eƒe asiwo faa.
14 她好像商船从远方运粮来,
Ele abe asiʋu ene eye wòhea nuɖuɖu tso didiƒe vaa aƒee.
15 未到黎明她就起来, 把食物分给家中的人, 将当做的工分派婢女。
Efɔna ne ŋu mekpɔ ke o, edia nuɖuɖu na eƒe ƒometɔwo eye wòmaa dɔ na eƒe dɔlanyɔnuwo.
16 她想得田地就买来; 用手所得之利栽种葡萄园。
Ebua ta me le agble ŋu eye wòƒlenɛ, eɖena tso eƒe nukpɔkpɔwo me tsɔna dea waingblee.
17 她以能力束腰, 使膀臂有力。
Ewɔa dɔ kple ŋkubiã eye eƒe alɔwo sẽna ɖe eƒe dɔwo ŋu.
18 她觉得所经营的有利; 她的灯终夜不灭。
Ekpɔa egbɔ be yeƒe asitsatsa ɖe vi geɖe eye yeƒe akaɖi metsina le zã me o.
19 她手拿捻线竿, 手把纺线车。
Ɖetifutreti le eƒe asi me eye wòtsɔa eƒe asibidɛwo léa ɖetitrekekee.
20 她张手周济困苦人, 伸手帮补穷乏人。
Eʋua asi na ame dahewo eye wòdoa asi ɖe hiãtɔwo gbɔ.
21 她不因下雪为家里的人担心, 因为全家都穿着朱红衣服。
Ne snodzaɣi ɖo la, mevɔ̃na ɖe eƒe aƒekɔ nu o elabena wo katã tsyɔ kuntru dzĩ.
22 她为自己制作绣花毯子; 她的衣服是细麻和紫色布做的。
Elɔ̃a abadzivɔ na eƒe aba eye wòdoa aklala biɖibiɖi ƒe awu kple awu blɔ.
23 她丈夫在城门口与本地的长老同坐, 为众人所认识。
Wodea bubu srɔ̃a ŋu le dua ƒe agbonu ne enɔ anyigba la dzi dumegãwo dome.
24 她做细麻布衣裳出卖, 又将腰带卖与商家。
Etɔa aklala biɖibiɖi ƒe awuwo dzrana eye wòdzraa alidziblanu na asitsalawo.
25 能力和威仪是她的衣服; 她想到日后的景况就喜笑。
Edo ŋusẽ kple bubu abe awu ene eye ate ŋu ako ŋkeke siwo gbɔna.
26 她开口就发智慧; 她舌上有仁慈的法则。
Eƒoa nu kple nunya eye nufiame anukwaretɔ le eƒe aɖe dzi.
27 她观察家务, 并不吃闲饭。
Ekpɔa eƒe aƒekɔ ƒe nyawo gbɔ nyuie eye meɖua kuviabolo o.
28 她的儿女起来称她有福; 她的丈夫也称赞她,
Viawo tsona yɔnɛ be yayratɔ, nenemae srɔ̃a hã yɔnɛ, hekafunɛ be,
29 说:才德的女子很多, 惟独你超过一切。
“‘Nyɔnu siwo wɔa nu ɖɔʋuwo la li fũu, gake wò la, èƒo wo katã ta.’
30 艳丽是虚假的,美容是虚浮的; 惟敬畏耶和华的妇女必得称赞。
Nyonyo la, beblee, eye tugbedzedze nu hã va yina kaba; gake woakafu nyɔnu si vɔ̃a Yehowa.
31 愿她享受操作所得的; 愿她的工作在城门口荣耀她。
Mitsɔ fetu si wòdze na la nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo ahe kafukafu vɛ nɛ le dua ƒe agbowo nu.”

< 箴言 31 >