< 民数记 30 >

1 摩西晓谕以色列各支派的首领说:“耶和华所吩咐的乃是这样:
Mose gblɔ na Israelviwo ƒe towo ƒe tatɔwo be, “Se si Yehowa de lae nye esi.
2 人若向耶和华许愿或起誓,要约束自己,就不可食言,必要按口中所出的一切话行。
Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa alo ka atam hetsri nane na eɖokui la, mele be wòada le eƒe nya dzi o, ke boŋ ele be wòawɔ ɖe nya sia nya si wògblɔ la dzi.
3 女子年幼、还在父家的时候,若向耶和华许愿,要约束自己,
“Ne nyɔnu aɖe, si nye ɖetugbi le fofoa ƒe aƒe me ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ nane alo yemawɔ nane o,
4 她父亲也听见她所许的愿并约束自己的话,却向她默默不言,她所许的愿并约束自己的话就都要为定。
eye fofoa nya nu tso ɖetugbi la ƒe adzɔgbeɖeɖe la kple tohehe siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe la ŋuti ŋu, gake megblɔ nya aɖeke o la, ekema ele be ɖetugbi la nawɔ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko.
5 但她父亲听见的日子若不应承她所许的愿和约束自己的话,就都不得为定;耶和华也必赦免她,因为她父亲不应承。
Ke ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o, alo wòbu be tohehe si dzi wòlɔ̃ ɖo sesẽ akpa la, ekema ɖetugbi la ƒe adzɔgbeɖeɖe la megablae o. Ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema ele nɛ be wòaɖe gbeƒã nenema le gbe si gbe wònya nu le adzɔgbeɖeɖe la ŋu; ekema Yehowa atsɔe ake ɖetugbi la, elabena fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o.
6 她若出了嫁,有愿在身,或是口中出了约束自己的冒失话,
“Ne nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe alo do ŋugbe dzodzro aɖe hafi va ɖe srɔ̃ la,
7 她丈夫听见的日子,却向她默默不言,她所许的愿并约束自己的话就都要为定。
ne srɔ̃ŋutsu la se nya la, eye megblɔ nya aɖeke tso eŋu le gbe si gbe wòse nu tso eŋuti dzi o la, ekema ele be nyɔnu la nawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko.
8 但她丈夫听见的日子,若不应承,就算废了她所许的愿和她出口约束自己的冒失话;耶和华也必赦免她。
Ke ne srɔ̃ŋutsu la gbe be yemelɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee.
9 寡妇或是被休的妇人所许的愿,就是她约束自己的话,都要为定。
“Ke ne nyɔnu la zu ahosi alo eya kple srɔ̃a dome klã la, ekema ele nɛ be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko.
10 她若在丈夫家里许了愿或起了誓,约束自己,
“Ne srɔ̃nyɔnu aɖe le srɔ̃a ƒe aƒe me, eye wòɖe adzɔgbe,
11 丈夫听见,却向她默默不言,也没有不应承,她所许的愿并约束自己的话就都要为定。
ne srɔ̃ŋutsu la se nu tso srɔ̃a ƒe adzɔgbeɖeɖe la ŋu, eye megblɔ nya aɖeke o la, ekema ele be nyɔnu la nawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko.
12 丈夫听见的日子,若把这两样全废了,妇人口中所许的愿或是约束自己的话就都不得为定,因她丈夫已经把这两样废了;耶和华也必赦免她。
Ke ne ŋutsu la gblɔ le ŋkeke gbãtɔ si wòse nu tso adzɔgbeɖeɖe la ŋu be yemelɔ̃ ɖe edzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee.
13 凡她所许的愿和刻苦约束自己所起的誓,她丈夫可以坚定,也可以废去。
Ale srɔ̃ŋutsu ate ŋu alɔ̃ adzɔgbeɖeɖe la nabla srɔ̃a loo alo agbe, eye adzɔgbeɖeɖe la mabla srɔ̃a o.
14 倘若她丈夫天天向她默默不言,就算是坚定她所许的愿和约束自己的话;因丈夫听见的日子向她默默不言,就使这两样坚定。
Ke ne ŋutsu la megblɔ nya aɖeke o, eye ŋkeke ɖeka va yi la, ekema elɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi.
15 但她丈夫听见以后,若使这两样全废了,就要担当妇人的罪孽。”
Ne srɔ̃ŋutsu la lala ŋkeke ɖeka va yi hafi wòva gbe be yemelɔ̃ ɖe ye srɔ̃ ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema tohehe ka ke dzi nyɔnu la lɔ̃ ɖo be wòava ye dzi ne yemewɔ ɖe yeƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la ava ŋutsu la boŋ dzi, elabena eyae meɖe mɔ na nyɔnu la be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o.”
16 这是丈夫待妻子,父亲待女儿,女儿年幼、还在父家,耶和华所吩咐摩西的律例。
Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose tso ale si srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome nanɔ kple ale si fofo kple vinyɔnu dome nanɔ la ŋu.

< 民数记 30 >