< 民数记 28 >
2 “你要吩咐以色列人说:‘献给我的供物,就是献给我作馨香火祭的食物,你们要按日期献给我’;
“De se sia na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mikpɔ egbɔ be, le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi la, mietsɔ nye nuɖuɖu si nye dzovɔsa, si nye nu si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea ŋunye la nam.’
3 又要对他们说:你们要献给耶和华的火祭,就是没有残疾、一岁的公羊羔,每日两只,作为常献的燔祭。
Ne miedi be yewoasa dzovɔ nam la, miwɔ alẽvi siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la ŋu dɔ. Woatsɔ alẽvi eve asa vɔe nam gbe sia gbe.
Woatsɔ alẽvi ɖeka asa vɔe le ŋdi me, eye woatsɔ evelia asae le fiẽ me.
5 又用细面伊法十分之一,并捣成的油一欣四分之一,调和作为素祭。
Woatsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee kilogram ɖeka si wobaka kple ami lita ɖeka.
6 这是西奈山所命定为常献的燔祭,是献给耶和华为馨香的火祭。
Esia nye dzovɔsa si meɖo na mi le Sinai to la dzi be miatsɔ wo nam le ɣeyiɣi ɖoɖoawo dzi, wòanye dzovɔ si wosa na Yehowa, eye wòʋẽna lĩlĩlĩ.
7 为这一只羊羔,要同献奠祭的酒一欣四分之一。在圣所中,你要将醇酒奉给耶和华为奠祭。
Woatsɔ nunovɔsanu, si nye wain sesẽ lita ɖeka la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woatrɔ wain la le kɔkɔeƒe le Yehowa ŋkume.
8 晚上,你要献那一只羊羔,必照早晨的素祭和同献的奠祭献上,作为馨香的火祭,献给耶和华。”
Mitsɔ alẽvi evelia sa vɔe le fiẽ me, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ma ke akpe ɖe eŋu. Esia hã nye dzovɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ la na Yehowa.
9 “当安息日,要献两只没有残疾、一岁的公羊羔,并用调油的细面伊法十分之二为素祭,又将同献的奠祭献上。
“Le Dzudzɔgbe la dzi la, tsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la sa vɔe kpe ɖe eƒe nunovɔsa kple nuɖuvɔsa ŋu. Nuɖuvɔsa la nanye wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami.
10 这是每安息日献的燔祭;那常献的燔祭和同献的奠祭在外。”
Esia nye Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe ƒe numevɔsa hekpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa ŋu.”
11 “每月朔,你们要将两只公牛犊,一只公绵羊,七只没有残疾、一岁的公羊羔,献给耶和华为燔祭。
“Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, woagasa numevɔ bubu na Yehowa kpe ɖe esi wosana gbe sia gbe la ŋu. Woasa vɔ sia kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye lã si de blibo le go ɖe sia ɖe me.
12 每只公牛要用调油的细面伊法十分之三作为素祭;那只公羊也用调油的细面伊法十分之二作为素祭;
Nu siwo woatsɔ akpe ɖe vɔsalã siawo ŋu lae nye: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami lita ene kple afã abe nuɖuvɔsa ene kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee kilogram eve si wobaka kple ami kilogram eve abe nuɖuvɔsa ene nazɔ kple agbo la,
13 每只羊羔要用调油的细面伊法十分之一作为素祭和馨香的燔祭,是献给耶和华的火祭。
eye woatsɔ wɔ memee si wobaka kple ami lita eve abe nuɖuvɔsa ene la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woame vɔsa sia; ado dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ.
14 一只公牛要奠酒半欣,一只公羊要奠酒一欣三分之一,一只羊羔也奠酒一欣四分之一。这是每月的燔祭,一年之中要月月如此。
Woatsɔ nunovɔsa si nye wain lita eve la akpe ɖe nyitsu la ŋu, atsɔ lita ɖeka kple afã akpe ɖe agbo la ŋu, eye woatsɔ lita ɖeka akpe ɖe agbovi ɖe sia ɖe ŋu. Esiae nye nunovɔsa si woawɔ ɣleti sia ɣleti to ƒe blibo la me.
15 又要将一只公山羊为赎罪祭,献给耶和华;要献在常献的燔祭和同献的奠祭以外。”
“Emegbe la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, miana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa si miesana la ŋuti.
“Woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe le ƒe ɖe sia ɖe me. Miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la atsɔ ɖo ŋku gbe si gbe mawudɔla la dze to Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo ŋu, eye mewu wo o la dzi.
Ne ŋu ke la, ŋkeke adre ƒe dzidzɔŋkekenyui aɖe adze egɔme, ke womaɖu abolo ʋaʋã aɖeke o.
Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o.
19 当将公牛犊两只,公绵羊一只,一岁的公羊羔七只,都要没有残疾的,用火献给耶和华为燔祭。
Miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la asa numevɔ na Yehowa. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye esi de blibo.
20 同献的素祭用调油的细面;为一只公牛要献伊法十分之三;为一只公羊要献伊法十分之二;
Misa numevɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami la asa vɔe kpe ɖe alẽvi la ŋu,
eye miatsɔ wɔ ma lita eve akpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka hã asa nu vɔ̃ ŋuti vɔe, ale be mialé avu ɖe mia ɖokuiwo ta.
Vɔsa siawo akpe ɖe gbe sia gbe ƒe vɔ siwo miesana la ŋuti.
24 一连七日,每日要照这例把馨香火祭的食物献给耶和华,是在常献的燔祭和同献的奠祭以外。
Miasa vɔ sia ke le Ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo ɖe sia ɖe gbe. Woadze Yehowa ŋu ŋutɔ.
Le ŋkeke adrea gbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o.
26 “七七节庄稼初熟,你们献新素祭给耶和华的日子,当有圣会;什么劳碌的工都不可做。
“Le kutsetse gbãtɔwo ƒe Ŋkekenyui si woyɔna be Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui alo Pentekoste ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe, atso aseye le nuŋeŋe yeye la ta. Gbe ma gbe la, ele be miatsɔ nuku yeye siwo mieŋe la ƒe gbãtɔ na Yehowa abe nuɖuvɔsa ene. Ame aɖeke mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o.
27 只要将公牛犊两只,公绵羊一只,一岁的公羊羔七只,作为馨香的燔祭献给耶和华。
Woasa numevɔ tɔxɛ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la gbe ma gbe kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko.
28 同献的素祭用调油的细面;为每只公牛要献伊法十分之三;为一只公羊要献伊法十分之二;
Miatsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple wɔ memee si wobaka kple ami lita ade kple afã akpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ wɔ ma lita ene kple afã, si wobaka kple ami la akpe ɖe agbo la ŋu, eye
wɔ memee lita eve nakpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa avulévɔ ɖe mia ɖokuiwo ta.
31 这些,你们要献在常献的燔祭和同献的素祭并同献的奠祭以外,都要没有残疾的。”
Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe numevɔ, nuɖuvɔ kple nunovɔ siwo miesana gbe sia gbe la ŋu. Mikpɔ egbɔ be miaƒe vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe de blibo.”