< 民数记 23 >

1 巴兰对巴勒说:“你在这里给我筑七座坛,为我预备七只公牛,七只公羊。”
Balaam gblɔ na Fia Balak be, “Tu vɔsamlekpui adre ɖe afi sia, eye nàdi nyitsuvi adre kple agbo adre na vɔsawo.”
2 巴勒照巴兰的话行了。巴勒和巴兰在每座坛上献一只公牛,一只公羊。
Balak wɔ ɖe Balaam ƒe ɖoɖowo dzi, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
3 巴兰对巴勒说:“你站在你的燔祭旁边,我且往前去,或者耶和华来迎见我。他指示我什么,我必告诉你。”于是巴兰上一净光的高处。
Balaam gblɔ na Balak be, “Nɔ afi sia le wò numevɔsa gbɔ esime meɖe kpɔ. Ɖewohĩ Yehowa ava do gom. Nu sia nu si wòaɖe afiam la, magblɔe na wò.” Ale wòyi togbɛ ƒeƒle aɖe dzi.
4 神迎见巴兰;巴兰说:“我预备了七座坛,在每座坛上献了一只公牛,一只公羊。”
Mawu do goe, eye Balaam gblɔ nɛ be, “Metu vɔsamlekpui adre, eye metsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpui ɖe sia ɖe dzi.”
5 耶和华将话传给巴兰,又说:“你回到巴勒那里,要如此如此说。”
Yehowa gblɔ nya aɖe na Balaam be wòagblɔ na Fia Balak.
6 他就回到巴勒那里,见他同摩押的使臣都站在燔祭旁边。
Esi Balaam trɔ gbɔ la, fia la kple Moab fiaviwo katã wonɔ tsitre ɖe numevɔsawo gbɔ.
7 巴兰便题起诗歌说: 巴勒引我出亚兰, 摩押王引我出东山,说: 来啊,为我咒诅雅各; 来啊,怒骂以色列。
Nya siwo Balaam gblɔ la woe nye: “Fia Balak, Moabtɔwo ƒe fia, kplɔm tso Aramnyigba dzi, tso ɣedzeƒetowo dzi hegblɔ nam be. ‘Va, nàƒo fi ade Yakob nam! Eye va nàdo ɖiŋu na Israel nam. Wò dɔmedzoe nabi ɖe Israel ŋu.’
8 神没有咒诅的,我焉能咒诅? 耶和华没有怒骂的,我焉能怒骂?
Ke ame siwo Mawu meƒo fi de o la, aleke nye ya maƒo fi ade woe? Ame siwo gbɔ Yehowa megbe nu le o la, aleke nye ya magbe nu le wo gbɔe?
9 我从高峰看他,从小山望他; 这是独居的民,不列在万民中。
Mele wo kpɔm tso agakpe tame. Melé ŋku ɖe wo ŋu tso togbɛwo dzi, wole wo ɖokui si, nye dukɔ tɔxɛ aɖe. Si mebua eɖokui kple dukɔ bubuwo o.
10 谁能数点雅各的尘土? 谁能计算以色列的四分之一? 我愿如义人之死而死; 我愿如义人之终而终。
Ame ka ate ŋu axlẽ Yakob ƒe ʋuʋudedi, alo axlẽ Israel ƒe akpa enelia? Na maku ame dzɔdzɔe ƒe ku, eye nye nuwuwu nanɔ abe wo tɔ ene!”
11 巴勒对巴兰说:“你向我做的是什么事呢?我领你来咒诅我的仇敌,不料,你竟为他们祝福。”
Fia Balak bia Balaam be, “Ao! Nu kae nye esi nèwɔm? Mebe nàƒo fi ade nye futɔwo nam, ke kpɔ ɖa, èyra wo boŋ!”
12 他回答说:“耶和华传给我的话,我能不谨慎传说吗?”
Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe mate ŋu agblɔ nya aɖe ne Yehowa megblɔe nam be magblɔ oa?”
13 巴勒说:“求你同我往别处去,在那里可以看见他们;你不能全看见,只能看见他们边界上的人。在那里要为我咒诅他们。”
Balak gblɔ nɛ be, “Va míyi teƒe bubu. Le afi ma la, àkpɔ Israel dukɔ la ƒe akpa aɖe ko. Ƒo fi de ame mawo ɖeɖe ko nam!”
14 于是领巴兰到了琐腓田,上了毗斯迦山顶,筑了七座坛;每座坛上献一只公牛,一只公羊。
Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Zofim gbedzi le Pisga to la tame. Etu vɔsamlekpui adre ɖe afi ma, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
15 巴兰对巴勒说:“你站在这燔祭旁边,等我往那边去迎见耶和华。”
Balaam gblɔ na Balak be, “Tsi tsitre ɖe afi sia, ɖe wò numevɔsa la gbɔ ne mayi aɖado go Yehowa.”
16 耶和华临到巴兰那里,将话传给他;又说:“你回到巴勒那里,要如此如此说。”
Yehowa do go Balaam, eye wòde nya asi nɛ be, “Trɔ yi Balak gbɔ nàgblɔ nya sia nɛ.”
17 他就回到巴勒那里,见他站在燔祭旁边;摩押的使臣也和他在一处。巴勒问他说:“耶和华说了什么话呢?”
Balaam trɔ va afi si Moab fia kple Moab fiaviŋutsuwo le tsitre ɖe woƒe numevɔsawo gbɔ le. Balak bia enumake be, “Nya ka Yehowa gblɔ?”
18 巴兰就题诗歌说: 巴勒,你起来听; 西拨的儿子,你听我言。
Balaam ɖo eŋu be, “Balak, Tsi tsitre eye nàsee: Ɖo tom, wò Zipɔr ƒe vi.
19 神非人,必不致说谎, 也非人子,必不致后悔。 他说话岂不照着行呢? 他发言岂不要成就呢?
Mawu menye amegbetɔ, aka aʋatso o. Metrɔa eƒe tameɖoɖo. Abe amegbetɔwo ene o. Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ gbe edziwɔwɔa?
20 我奉命祝福; 神也曾赐福,此事我不能翻转。
Kpɔ ɖa, Mawu ɖe gbe nam be mayra Israelviwo. Mawu ŋutɔ yra wo xoxo, nyemate ŋu aklo yayra sia ɖa o!
21 他未见雅各中有罪孽, 也未见以色列中有奸恶。 耶和华—他的 神和他同在; 有欢呼王的声音在他们中间。
“Mekpɔ nu vɔ̃ le Yakob me o: mawɔ funyafunya Israel o! Yehowa, woƒe Mawu la li kpli wo. Eye dzidzɔɣli le wo nu, eyae nye woƒe fia!
22 神领他们出埃及; 他们似乎有野牛之力。
Mawu kplɔ wo tso Egipte; Israel sẽ abe to ene. Fiƒode aɖeke mate ŋu anɔ Yakob dzi o,
23 断没有法术可以害雅各, 也没有占卜可以害以色列。 现在必有人论及雅各,就是论及以色列说: 神为他行了何等的大事!
dzoka maɖi Yakob ŋu o. Ne wosa vɔ kɔ ɖe Israelviwo dzi hã la, maɖi wo ŋu akpɔ o, elabena woagblɔ le Israel ŋu azɔ be, ‘Mawu wɔ nu gãwo na wo!
24 这民起来,仿佛母狮, 挺身,好像公狮, 未曾吃野食, 未曾喝被伤者之血,决不躺卧。
Ame siawo tsi tsitre abe dzatanɔ ene; womamlɔ anyi o. Va se ɖe esime woaɖu nu si wolé. Eye woano nu si wolé la ƒe ʋu!’”
25 巴勒对巴兰说:“你一点不要咒诅他们,也不要为他们祝福。”
Balak blu ɖe Balaam ta be, “Ne mànya ƒo fi ade wo o ko la, ekema mègayra wo hã o!”
26 巴兰回答巴勒说:“我岂不是告诉你说‘凡耶和华所说的,我必须遵行’吗?”
Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe nyemegblɔe na wò be nya sia nya si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la ko wòle be magblɔ oa?”
27 巴勒对巴兰说:“来吧,我领你往别处去,或者 神喜欢你在那里为我咒诅他们。”
Balak gagblɔ na Balaam le eƒe nyagblɔɖi etɔ̃lia ŋu be, “Makplɔ wò agayi teƒe bubu aɖee. Ɖewohĩ adze Mawu ŋu be wòana nàƒo fi ade wo tso afi ma azɔ.”
28 巴勒就领巴兰到那下望旷野的毗珥山顶上。
Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Peor to la dzi le gbegbe la tame.
29 巴兰对巴勒说:“你在这里为我筑七座坛,又在这里为我预备七只公牛,七只公羊。”
Balaam gagblɔ na Balak be wòatu vɔsamlekpui adre, eye wòatsɔ nyitsuvi adre kple agbo adre asa vɔe.
30 巴勒就照巴兰的话行,在每座坛上献一只公牛,一只公羊。
Balak wɔ nu si Balaam ɖo nɛ la, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.

< 民数记 23 >