< 民数记 12 >

1 摩西娶了古实女子为妻。米利暗和亚伦因他所娶的古实女子就毁谤他,说:
Gbe ɖeka la, Miriam kple Aron lĩ Mose ŋu le srɔ̃a, si nye Kus nyɔnu la ta, elabena eɖe Kus nyɔnu.
2 “难道耶和华单与摩西说话,不也与我们说话吗?”这话耶和华听见了。
Wogblɔ be, “Ɖe Yehowa ƒo nu to Mose ɖeɖe ko dzia? Ɖe meƒo nu to míawo hã dzi oa?” Ke Yehowa se nya sia.
3 摩西为人极其谦和,胜过世上的众人。
(Azɔ la, Mose nye ame si bɔbɔ eɖokui wu ame bubu ɖe sia ɖe le anyigba dzi.)
4 耶和华忽然对摩西、亚伦、米利暗说:“你们三个人都出来,到会幕这里。”他们三个人就出来了。
Enumake Yehowa gblɔ na Mose, Aron kple Miriam be, “Miva agbadɔ la me, mi ame etɔ̃ la katã.” Ale wo ame etɔ̃awo katã wodo go.
5 耶和华在云柱中降临,站在会幕门口,召亚伦和米利暗,二人就出来了。
Yehowa ɖiɖi tso lilikpo la me, eye wòtɔ ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Eɖe gbe na wo be, “Aron kple Miriam, mido va ŋgɔ,” eye wodo va ŋgɔ.
6 耶和华说:“你们且听我的话:你们中间若有先知,我—耶和华必在异象中向他显现,在梦中与他说话。
Yehowa gblɔ na wo be, “Miɖo to nye nyawo: “Ne Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le mia dome la, meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutegawo me, eye meƒoa nu nɛ le drɔ̃ewo me.
7 我的仆人摩西不是这样;他是在我全家尽忠的。
Ke esia menye nyateƒe le nye dɔla Mose gome o; ewɔa nuteƒe le nye aƒe blibo la me.
8 我要与他面对面说话,乃是明说,不用谜语,并且他必见我的形象。你们毁谤我的仆人摩西,为何不惧怕呢?”
Meƒoa nu kplii, ŋkume kple ŋkume. Meƒoa nu eme kɔna, eye menye le alobalowo me o; ekpɔa Yehowa ƒe dzedzeme. Ekema nu ka ta mievɔ̃ be yewoaƒo nu, atsi tsitre ɖe nye dɔla, Mose ŋu o ɖo?”
9 耶和华就向他们二人发怒而去。
Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie, eye wotrɔ dzo.
10 云彩从会幕上挪开了,不料,米利暗长了大麻风,有雪那样白。亚伦一看米利暗长了大麻风,
Esi lilikpo dodo la ho tso agbadɔ la tame la, anyidɔ ƒo ɖe Miriam ŋuti, eye eƒe ŋuti katã fu kpii abe ɖetifu ene. Aron nye kɔ kpɔe, eye kpɔ ɖa, Miriam dze anyi.
11 就对摩西说:“我主啊,求你不要因我们愚昧犯罪,便将这罪加在我们身上。
Aron gblɔ na Mose be, “Nye aƒetɔ, meɖe kuku, mègana nu vɔ̃ si míewɔ tamemabumabutɔe la ƒe metsonu nava mía dzi o.
12 求你不要使她像那出母腹、肉已半烂的死胎。”
Mègana Miriam nanɔ abe vidzĩ si ku ɖe dadaa ƒe dɔ me hafi wodzii, eye eƒe ŋutilã ƒe afã ƒaƒã hafi wòdo go la ene o.”
13 于是摩西哀求耶和华说:“神啊,求你医治她!”
Mose ƒo koko na Yehowa kple ɣli be, “Da gbe le eŋu, O! Mawu, meɖe kuku na wò!”
14 耶和华对摩西说:“她父亲若吐唾沫在她脸上,她岂不蒙羞七天吗?现在要把她在营外关锁七天,然后才可以领她进来。”
Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ne fofoa nyɔ ta ɖe mo nɛ la, eŋuti makɔ o ŋkeke adre. Mina wòanɔ asaɖa la godo ŋkeke adre. Le ɣeyiɣi sia megbe la, agate ŋu ava asaɖa la me.”
15 于是米利暗关锁在营外七天。百姓没有行路,直等到把米利暗领进来。
Ale woɖe Miriam ɖa le asaɖa la me ŋkeke adre. Ameawo lala, wogakplɔe gbɔe hafi wogayi mɔzɔzɔ la dzi.
16 以后百姓从哈洗录起行,在巴兰的旷野安营。
Le esia megbe la, wodzo le Hazerot, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi.

< 民数记 12 >