< 约书亚记 17 >

1 玛拿西是约瑟的长子,他的支派拈阄所得之地记在下面。至于玛拿西的长子基列之父玛吉,因为是勇士就得了基列和巴珊。
Wotsɔ Gilead kple Basan ƒe anyigbawo, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe na Makir, Manase ƒe vi tsitsitɔ, ame si nye Gilead fofo, elabena wonye aʋawɔla sesẽwo,
2 玛拿西其余的子孙,按着宗族拈阄分地,就是亚比以谢子孙,希勒子孙,亚斯列子孙,示剑子孙,希弗子孙,示米大子孙;这些按着宗族,都是约瑟儿子玛拿西子孙的男丁。
eya ta, azɔ la, wotsɔ anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na hlɔ̃ siwo dzɔ tso Abiezer, Helek, Asriel, Sekem, Semida kple Hefer me.
3 玛拿西的玄孙,玛吉的曾孙,基列的孙子,希弗的儿子西罗非哈没有儿子,只有女儿。他的女儿名叫玛拉、挪阿、曷拉、密迦、得撒;
Viŋutsu aɖeke menɔ Zelofehad si o, Zelofehad fofoe nye Hefer, ame si fofoe nye Gilead, ame si fofoe nye Makir, ame si hã fofoe nye Manase. Vinyɔnu atɔ̃ koe nɔ esi, woawoe nye: Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.
4 她们来到祭司以利亚撒和嫩的儿子约书亚并众首领面前,说:“耶和华曾吩咐摩西在我们弟兄中分给我们产业。”于是约书亚照耶和华所吩咐的,在她们伯叔中,把产业分给她们。
Nyɔnu siawo va nunɔla Eleazar kple Nun ƒe vi Yosua kpakple Israel ƒe kplɔlawo gbɔ, eye woɖo ŋku edzi na wo be, “Yehowa gblɔ na Mose be míaxɔ domenyinu abe ŋutsu siwo le míaƒe to la me ene tututu,” eya ta abe ale si Yehowa ɖoe da ɖi ene la, wona anyigba wo abe ŋutsuawo ene.
5 除了约旦河东的基列和巴珊地之外,还有十分地归玛拿西,
Le esia ta la, Manase xɔ mama ewo kpe ɖe Gilead kple Basan ŋu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe
6 因为玛拿西的孙女们在玛拿西的孙子中得了产业。基列地是属玛拿西其余的子孙。
esi wona anyigba eƒe dzidzimevi siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa ta. Wotsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe dzidzimevi bubuawo.
7 玛拿西的境界:从亚设起,到示剑前的密米他,往北到隐·他普亚居民之地。
Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyigbemeliƒo ɖo ta anyigbeme lɔƒo tso Aser ƒe liƒo dzi yi Mixmetat, le Sekem ƒe ɣedzeƒe. Le anyigbeme la, liƒo la tso Mixmetat yi Tapua ƒe vudo gbɔ.
8 他普亚地归玛拿西,只是玛拿西境界上的他普亚城归以法莲子孙。
Tapuanyigba nye Manase ƒe viwo tɔ, ke Tapua du la, si le Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe liƒo dzi la nye Efraim ƒe viwo tɔ.
9 其界下到加拿河的南边。在玛拿西城邑中的这些城邑都归以法莲。玛拿西的地界是在河北直通到海为止;
Manase ƒe viwo ƒe liƒo la to Tapua ƒe vudo la ŋu to Kana tɔʋu la ƒe dziehe yi Domeƒu la ŋu. Du geɖe siwo nɔ tɔʋu la ƒe dziehe la nye Efraim ƒe to la tɔ togbɔ be wonɔ Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi hã.
10 南归以法莲,北归玛拿西,以海为界;北边到亚设,东边到以萨迦。
Wotsɔ anyigba si le tɔʋu la ƒe dziehe heyi keke Domeƒu la ƒe ɣetoɖoƒe la na Efraim ƒe viwo, eye wotsɔ anyigba si le tɔʋu la ƒe anyiehe kple atsiaƒu la ƒe ɣedzeƒe la na Manase ƒe viwo. Woƒe anyieheliƒoe nye Aser ƒe viwo ƒe anyigba. Woƒe ɣedzeƒeliƒoe nye Isaka ƒe viwo ƒe anyigba.
11 玛拿西在以萨迦和亚设境内,有伯·善和属伯·善的镇市,以伯莲和属以伯莲的镇市,多珥的居民和属多珥的镇市;又有三处山冈,就是隐·多珥和属隐·多珥的镇市;他纳的居民和属他纳的镇市,米吉多的居民和属米吉多的镇市。
Wotsɔ Bet Sean, Ibleam, Dor, Endor, Taanak Megido afi si to etɔ̃ nɔ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la na Manase ƒe viwo ƒe to afã togbɔ be wonɔ anyigba siwo wona Isaka ƒe viwo kple Aser ƒe viwo dzi hã.
12 只是玛拿西子孙不能赶出这些城的居民,迦南人偏要住在那地。
Esi Manase ƒe dzidzimeviwo mete ŋu nya ame siwo nɔ du mawo me ɖa o ta la, Kanaantɔ mawo tsi anyi.
13 及至以色列人强盛了,就使迦南人做苦工,没有把他们全然赶出。
Esi Israelviwo va kpɔ ŋusẽ emegbe la, wozi Kanaantɔwo dzi, eye wosubɔa wo abe kluviwo ene.
14 约瑟的子孙对约书亚说:“耶和华到如今既然赐福与我们,我们也族大人多,你为什么仅将一阄一段之地分给我们为业呢?”
Yosef ƒe to eveawo me tɔwo va bia Yosua be, “Nu ka ta nèna anyigba ɖeka ko mí le esime Yehowa na míedzi sɔ gbɔ ale?”
15 约书亚说:“你们如果族大人多,嫌以法莲山地窄小,就可以上比利洗人、利乏音人之地,在树林中砍伐树木。”
Yosua gblɔ na wo be, “Ne Efraim ƒe tonyigba melolo na mi o la, ekema miƒo avenyigba si dzi Perizitɔwo kple Refaimtɔwo le.”
16 约瑟的子孙说:“那山地容不下我们,并且住平原的迦南人,就是住伯·善和属伯·善的镇市,并住耶斯列平原的人,都有铁车。”
Yosef ƒe amewo ɖo eŋu be, “Tonyigba la melolo na mí o, ke gatasiaɖamwo le Kanaantɔ siwo le gbadzaƒe la kple esiwo le Bet Sean kple du siwo ƒo xlãe kple esiwo le Yezreel ƒe balime la si.”
17 约书亚对约瑟家,就是以法莲和玛拿西人,说:“你是族大人多,并且强盛,不可仅有一阄之地,
Yosua gblɔ na Yosef ƒe aƒe, Efraim ƒe vi kple Manase ƒe vi siwo nɔ ɣetoɖoƒe la be, “Miesɔ gbɔ nyateƒe, eye miesẽa ŋu ŋutɔ, eya ta ele be miaxɔ anyigba wòalolo.
18 山地也要归你,虽是树林,你也可以砍伐;靠近之地必归你。迦南人虽有铁车,虽是强盛,你也能把他们赶出去。”
Tonyigba la anye mia tɔ togbɔ be enye anyigba si dzi ave le hã la, miƒo avea, eye miaxɔ anyigba la tso eƒe liƒo sia dzi yi liƒo kemɛ dzi togbɔ be gatasiaɖamwo le Kanaantɔwo si, eye wonye dukɔ sesẽ aɖe hã la, mianya wo ɖa le anyigba la dzi.”

< 约书亚记 17 >