< 约伯记 6 >
2 惟愿我的烦恼称一称, 我一切的灾害放在天平里;
“Ne ɖe woada nye vevesese eye woada nye fukpekpewo ɖe nudanu me ɖe!
Vavã woakpe wu ke si katã le ƒuta, eya ta mewɔ nuku be nye nyawo mele ame ŋu dzem o.
4 因全能者的箭射入我身; 其毒,我的灵喝尽了; 神的惊吓摆阵攻击我。
Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo le nye lãme, nye gbɔgbɔ le aɖi si le dodom le wo me la nom. Woƒo Mawu ƒe ŋɔdzidodowo nu ƒu ɖe ŋunye.
Ɖe gbetedzi xlɔ̃na ne ele gbe mumu gbɔ alo nyi xlɔ̃na ne wotsɔ gbe ƒuƒu nɛ be wòaɖua?
Ɖe woaɖu nu vɔvɔ dzemademee alo ɖe koklozi ƒe ɣia vivinaa?
Megbe be nyemaɖui o, nuɖuɖu mawo tɔgbi ɖe wònana medzea dɔ.
“O, ne ɖe woana nu si mebia lam, ne Mawu ɖe wòana nu si mele mɔ kpɔm na lam,
ne Mawu ɖe wòalɔ̃ agbãm gudugudu eye wòaɖe ka eƒe asi ɖe dzinye, ahawum ɖe!
10 我因没有违弃那圣者的言语, 就仍以此为安慰, 在不止息的痛苦中还可踊跃。
Ekema esia aganye akɔfafa nam ko kple nye dzidzɔ le vevesese si nu mele tsotsom o la me be, nyemagbe nu le Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo gbɔ o.
11 我有什么气力使我等候? 我有什么结局使我忍耐?
“Ŋusẽ kae gale asinye be maganɔ mɔ kpɔm? Mɔnukpɔkpɔ kawoe gali ta magbɔ dzi ɖi?
12 我的气力岂是石头的气力? 我的肉身岂是铜的呢?
Kpe ƒe ŋusẽe le asinyea? Akɔblie nye nye ŋutilãa?
13 在我岂不是毫无帮助吗? 智慧岂不是从我心中赶出净尽吗?
Ɖe ŋusẽ aɖe le asinye be makpe ɖe ɖokuinye ŋu, esi azɔ la wonya dzidzedzekpɔkpɔ ɖa le ŋunyea?
14 那将要灰心、离弃全能者、 不敬畏 神的人, 他的朋友当以慈爱待他。
“Ele na xɔlɔ̃wo be woakpe ɖe ame si ƒo dzi ɖe le la ŋu togbɔ be egbe nu le Ŋusẽkatãtɔ vɔvɔ̃ gbɔ hã.
15 我的弟兄诡诈,好像溪水, 又像溪水流干的河道。
Ke womate ŋu aɖo dzi ɖe nɔvinye ŋutsuwo ŋu o elabena wole abe tɔʋu si miena le kuɖiɣi ene alo abe tɔʋu si ɖɔna gbagbana,
ne tsikpe si le ete doe ɖe dzi, ne sno si dza ɖe edzi la lolo hena wòsɔ gbɔ ɖe edzi
17 天气渐暖就随时消化, 日头炎热便从原处干涸。
gake eƒe sisi nu tsona ne kuɖiɣi ɖo eye dzoxɔxɔ nana wòmiena la ene.
18 结伴的客旅离弃大道, 顺河偏行,到荒野之地死亡。
Asihawo ɖea asi le woƒe mɔwo ŋu hedzea gbe toa tagba eye wokuna ɖe mɔ dzi.
Asiha siwo tso Tema la le tsi dim, asigbedela siwo tso Seba la le mɔ kpɔm.
Ke woƒe dzi tsi dzi elabena kakaɖedzi nɔ wo si hafi gake esi wova ɖo afi ma la, ŋukpe ko woɖu.
Azɔ miawo hã mieɖee fia be, mienye ŋudɔwɔnu aɖeke o, miekpɔ nu si ŋu ŋɔdzi le eye mievɔ̃.
22 我岂说:请你们供给我, 从你们的财物中送礼物给我?
Ɖe megblɔ kpɔ be, ‘Mina nane ɖe nunye, mixe fe ɖe tanye tso miaƒe kesinɔnuwo me,
23 岂说:拯救我脱离敌人的手吗? 救赎我脱离强暴人的手吗?
miɖem le ketɔ la ƒe asi me alo mixɔm le ŋutasẽla ƒe fegomea?’
24 请你们教导我,我便不作声; 使我明白在何事上有错。
“Mifia num eye mazi ɖoɖoe; mifia afi si meda ƒu le lam.
25 正直的言语力量何其大! 但你们责备是责备什么呢?
Aleke nyateƒenyawo mehe venae o! Ke nu ka miaƒe nyahehewo ɖe fia?
26 绝望人的讲论既然如风, 你们还想要驳正言语吗?
Ɖe miedi be yewoaɖɔ nya si megblɔ la ɖo eye miawɔ ame si ƒo dzi ɖe le la ƒe nyawo abe yaƒoƒo enea?
Miadzidze nu gɔ̃ hã ɖe tsyɔ̃eviwo dzi eye miatsɔ mia xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã aɖɔli nue.
“Azɔ la, minyo dɔ me miatrɔ mo ɖe gbɔnye, ɖe mate ŋu ada alakpa le mia ŋkumea?
29 请你们转意,不要不公; 请再转意,我的事有理。
Miɖe asi, migawɔ nu madzɔmadzɔ o migbugbɔ bu eŋuti elabena nye nuteƒewɔwɔ ɖo xaxa me.
30 我的舌上岂有不义吗? 我的口里岂不辨奸恶吗?
Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖe le nye nuyiwo dzia? Ɖe nye nu made dzesi beble oa?”