< 约伯记 40 >
2 强辩的岂可与全能者争论吗? 与 神辩驳的可以回答这些吧!
“Ɖe ame si le nya hem kple Ŋusẽkatãtɔ la aɖɔe ɖoa? Ame si tsɔ nya ɖe Mawu ŋu la neɖo eŋu nɛ!”
Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be,
4 我是卑贱的!我用什么回答你呢? 只好用手捂口。
“Aleke nye ame si medze o la maɖo nya ŋu na wòe? Metsɔ nye asi ɖo nye nu.
Meƒo nu zi ɖeka gake nyemekpɔ ŋuɖoɖo o; meƒo nu zi evelia eya ta nyemagaƒo nu o.”
Tete Yehowa ƒo nu na Hiob tso ahom me be,
“Bla ali dzi abe ŋutsu ene, mabia nya wò eye nàɖo eŋu nam.
8 你岂可废弃我所拟定的? 岂可定我有罪,好显自己为义吗?
“Ɖe nàdo vlo nye afiatsotsoa? Ɖe nàbu fɔm, atso na ɖokuiwòa?
Ɖe wò abɔ le abe Mawu tɔ ene eye wò gbe ate ŋu ablu abe etɔ enea?
Ekema tsɔ ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ ɖɔ na ɖokuiwò eye nàtsɔ bubu kple gãnyenye ado na ɖokuiwò.
11 要发出你满溢的怒气, 见一切骄傲的人,使他降卑;
Trɔ wò dɔmedzoe ƒe nuwɔwɔ kɔ ɖi bababa, nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe eye nàhee aƒu anyi.
12 见一切骄傲的人,将他制伏, 把恶人践踏在本处;
Nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe ne nàbɔbɔe ɖe anyi eye nàgbã ame vɔ̃ɖiwo ɖe afi si wole.
13 将他们一同隐藏在尘土中, 把他们的脸蒙蔽在隐密处;
Ɖi wo katã ɖe ke me eye nàɣla woƒe mo ɖe yɔdo me.
Ekema nye ŋutɔ maʋu eme na wò be, wò ŋutɔ wò ɖusibɔ axɔ na wò.
15 你且观看河马; 我造你也造它。 它吃草与牛一样;
“Kpɔ atiglinyi si mewɔ kpe ɖe ŋutiwò la ɖa, eɖua gbe abe nyi ene.
Eƒe ŋusẽ le alime nɛ eye ŋusẽ kae nya gã si le eƒe ƒodo ƒe lãmekawo me!
Eƒe asike le nyenyem abe sedati ene, eƒe atagbomekawo ge ɖe wo nɔewo me.
Eƒe ƒuwo le abe akɔbliga si me do le la ene eye eƒe afɔtiwo le abe gakpo ene.
19 它在 神所造的物中为首; 创造它的给它刀剑。
Eyae nye gbãtɔ le Mawu ƒe nuwɔwɔwo dome gake Ewɔla ate ŋu azɔ ɖe edzi kple yi.
Togbɛwo tsɔa woƒe kutsetsewo vɛ nɛ eye gbemelãwo katã fena le egbɔ.
21 它伏在莲叶之下, 卧在芦苇隐密处和水洼子里。
Emlɔa anyi ɖe ati dama te eye wòɣlaa eɖokui ɖe aƒla siwo le sime la me.
Atiawo doa vɔvɔli ɖe edzi heɣlanɛ eye keti siwo le tɔʋuwo to la ƒoa xlãe.
23 河水泛滥,它不发战; 就是约旦河的水涨到它口边,也是安然。
Ne tɔwo dze agbo la, dzika metsoa eƒo o eye togbɔ be Yɔdan tɔsisi le ƒoƒom ɖe eƒe nu dzi hã la, eɖea dzi ɖi bɔkɔɔ.
24 在它防备的时候,谁能捉拿它? 谁能牢笼它穿它的鼻子呢?
Ɖe ame aɖe ate ŋu alée kple eƒe ŋku alo aɖo mɔ nɛ, ahaŋɔ eƒe ŋɔtia?