< 约伯记 21 >
“Ɖo to nyuie nàse nye nyawo, esia nenye akɔfafa si nànam.
3 请宽容我,我又要说话; 说了以后,任凭你们嗤笑吧!
Migbɔ dzi ɖi nam, ne maƒo nu eye ne meƒo nu vɔ la, miate ŋu ayi miaƒe alɔmeɖeɖe dzi.
“Amegbetɔe mele konyi fam na? Nu ka ta nyemagbe dzigbɔɖeanyi o?
Mikpɔm ɖa, ne miaƒe mo nawɔ yaa eye miaƒu asi nu.
Ne mebu nu sia ŋuti la ŋɔ dziam eye nye ameti blibo la medzona nyanyanya.
Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe, tsina, kua amegã, eye woƒe ŋusẽ dzina ɖe edzi ɖo?
Wonɔa agbe, kpɔa wo viwo lia ke heƒoa xlã wo eye woƒe dzidzimeviwo tsina le wo ŋkume.
9 他们的家宅平安无惧; 神的杖也不加在他们身上。
Woƒe aƒewo me le dedie, wovo tso vɔvɔ̃ ƒe asi me eye Mawu ƒe ameƒoti mevaa wo dzi o.
10 他们的公牛孳生而不断绝; 母牛下犊而不掉胎。
Woƒe nyitsuwo megbea asiyɔyɔ o, woƒe nyinɔwo dzia vi eye fu megena le wo ƒo o.
11 他们打发小孩子出去,多如羊群; 他们的儿女踊跃跳舞。
Woɖea wo viwo doa goe abe lãha ene eye wo vi suewo nɔa fefem henɔa ɣe ɖum.
Wodzia ha ɖe asiʋuiwo kple kasaŋkuwo ŋu eye wotua aglo ɖe kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu.
13 他们度日诸事亨通, 转眼下入阴间。 (Sheol )
Woɖua woƒe ƒewo le dzidzedzekpɔkpɔ me eye woyia yɔ me le ŋutifafa me (Sheol )
14 他们对 神说:离开我们吧! 我们不愿晓得你的道。
gake wogblɔna na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu! Medzro mí be míanya wò mɔwo o.
15 全能者是谁,我们何必事奉他呢? 求告他有什么益处呢?
Ame kae nye Ŋusẽkatãtɔ be míasubɔe? Viɖe ka míakpɔ ne míedo gbe ɖa nɛ?’
16 看哪,他们亨通不在乎自己; 恶人所谋定的离我好远。
Evɔa woƒe dzidzedzekpɔkpɔ mele woawo ŋutɔ ƒe asi me o, eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede.
17 恶人的灯何尝熄灭? 患难何尝临到他们呢? 神何尝发怒,向他们分散灾祸呢?
“Ke hã la, zi nenie ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi tsina? Zi nenie dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe wo dzi, esi nye nu si Mawu ɖo ɖi na wo le eƒe dziku me?
18 他们何尝像风前的碎秸, 如暴风刮去的糠秕呢?
Zi nenie wole abe gbe ƒuƒu si ya lɔ ɖe nu alo atsa si ahom lɔ ɖe nu ene?
19 你们说: 神为恶人的儿女积蓄罪孽; 我说:不如本人受报,好使他亲自知道。
Wogblɔ be, ‘Mawu ɖo amegbetɔ ƒe tohehe ɖi na via ŋutsuwo.’ Anyo be wòahe to na amea ŋutɔ, ne wòanya nu si wònye!
20 愿他亲眼看见自己败亡, 亲自饮全能者的忿怒。
Eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo nekpɔ eƒe gbegblẽ, eye wòano Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoekplu
elabena ɖe wòtsɔ ɖe le eme na ƒometɔ siwo wògblẽ ɖe megbe esi ɣleti siwo woɖo ɖi nɛ la wu nua?
“Ɖe ame aɖe ate ŋu afia gɔmesese Mawu, esi wònye eyae drɔ̃a ʋɔnu ame kɔkɔtɔ gɔ̃ hã?
Ame aɖe ku esi eƒe agbe ɖo vivime, wòle dedinɔnɔ me eye wòɖe dzi ɖi bɔkɔɔ,
eƒe ŋutilã kpɔ nunyiame nyuitɔ eye ƒutomemi yɔ eƒe ƒuwo me fũu.
Ame bubu ku le eƒe luʋɔ ƒe nuxaxa me eye mese vivi na nu vivi aɖeke kpɔ o.
Ke wo ame evea mlɔ kasanu le ke me, eye ŋɔviwo ɖi ba ɖe wo kple evea dzi.
“Menya nu siwo susum miele la nyuie kple nu vɔ̃ɖi siwo ɖom miele be miadze agɔ le dzinye.
28 你们说:霸者的房屋在哪里? 恶人住过的帐棚在哪里?
Miegblɔ be, ‘Afi ka ame xɔŋkɔ la ƒe aƒe le eye agbadɔ si me ame vɔ̃ɖiwo nɔ la ɖe?’
29 你们岂没有询问过路的人吗? 不知道他们所引的证据吗?
Miebia gbe mɔzɔlawo kpɔ oa? Mietsɔ ɖeke le woƒe nuteƒekpɔkpɔ si wogblɔ fia mi la me be
30 就是恶人在祸患的日子得存留, 在发怒的日子得逃脱。
woɖea ame vɔ̃ɖi le dzɔgbevɔ̃egbe, eye woɖenɛ le dzikugbe oa?
31 他所行的,有谁当面给他说明? 他所做的,有谁报应他呢?
Ame kae ɖe eƒe agbe vlo si nɔm wòle la ɖe mo nɛ kpɔ? Ame kae ɖoa nu tovo si wòwɔ la teƒe nɛ?
Wokɔnɛ yia yɔdo gbɔe eye wodzɔa eƒe yɔdokpe ŋu.
33 他要以谷中的土块为甘甜; 在他以先去的无数, 在他以后去的更多。
Ke siwo le balime la vivi enu, amewo katã dze eyome eye ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la dze ŋgɔ nɛ.
34 你们对答的话中既都错谬, 怎么徒然安慰我呢?
“Eya ta aleke miate ŋu awɔ atsɔ miaƒe bometsinyawo afa akɔ nam mahã? Naneke mele miaƒe nyaŋuɖoɖowo me wu alakpa o!”