< 约伯记 19 >
“Va se ɖe ɣe ka ɣie miawɔ funyafunyam eye miatsɔ miaƒe nyawo agbãm?
Zi ewo sɔŋue nye esi miedo vlom eye mieti kpo dze dzinye ŋumakpemakpetɔe.
Nenye nyateƒee be metra mɔ la, vodada sia nye nye ɖeka ko ƒe nya.
Nenye vavãe miebe yewoakɔ mia ɖokuiwo ɖe dzi agbɔ tanye, ahazã vlo si wodom la aɖia nunyee la,
ekema minyae be Mawu dze agɔ le dzinye eye wòtsɔ eƒe ɖɔ ƒo xlãm.
7 我因委曲呼叫,却不蒙应允; 我呼求,却不得公断。
“Togbɔ be mefa avi sesĩe be, ‘Wodze agɔ le dzinye!’ hã la, ame aɖeke metɔ nam o eye togbɔ be medo ɣli be woaxɔ nam hã la, wometso nam o.
8 神用篱笆拦住我的道路,使我不得经过; 又使我的路径黑暗。
Exe nye mɔ be nyemate ŋu ato edzi ayi o, etsɔ viviti tsyɔ nye toƒewo.
Eklo bubu le ŋunye eye wòɖe fiakuku le tanye.
10 他在四围攻击我,我便归于死亡, 将我的指望如树拔出来。
Evuvum kɔ ɖi le akpa sia akpa va se ɖe esime medzo, ale wòho nye mɔkpɔkpɔ abe ati ene.
Eƒe dziku bi ɖe ŋunye eye wòbum ɖe eƒe ketɔwo dome.
12 他的军旅一齐上来, 修筑战路攻击我, 在我帐棚的四围安营。
Eƒe aʋakɔwo lũ ɖe eme kple ŋusẽ, woƒu kpo ɖe ŋunye eye woƒu asaɖa anyi ɖe nye agbadɔ ŋu godoo va kpe.
13 他把我的弟兄隔在远处, 使我所认识的全然与我生疏。
“Eɖe nɔvinye ŋutsuwo ɖa le ŋunye eye wòklã nye kple xɔ̃nyewo dome keŋkeŋkeŋ.
Nye ƒometɔwo dzo le gbɔnye eye nye ame nyanyɛwo ŋlɔm be.
15 在我家寄居的, 和我的使女都以我为外人; 我在他们眼中看为外邦人。
Ame siwo va dze gbɔnye kple nye nyɔnudɔlawo bum amedzroe eye mezu du bubu me tɔ le wo ŋkume.
Meyɔ nye dɔla gake metɔ o togbɔ be metsɔ nye nu ɖe kuku nɛ hafi.
17 我口的气味,我妻子厌恶; 我的恳求,我同胞也憎嫌。
Nye nu me le ʋeʋẽm ɖe nye ŋutɔ srɔ̃nye eye mele ŋu nyɔm na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo.
18 连小孩子也藐视我; 我若起来,他们都嘲笑我。
Ŋutsuvi suewo gɔ̃ hã koam eye ne meva do la, woɖua fewu le ŋunye.
19 我的密友都憎恶我; 我平日所爱的人向我翻脸。
Mele ŋu nyɔm na xɔ̃nye veviwo katã eye ame siwo melɔ̃ la, tso ɖe ŋutinye.
Mezu ŋutilã kple ƒu ɖeɖe, eye meɖo kudo nu.
21 我朋友啊,可怜我!可怜我! 因为 神的手攻击我。
“Mikpɔ nye nublanui, xɔ̃nyewo, mikpɔ nublanui nam elabena Mawu ƒe asi ƒom.
22 你们为什么仿佛 神逼迫我, 吃我的肉还以为不足呢?
Nu ka ta mieti yonyeme abe ale si Mawu ti yonyemee ene? Nye ŋutilã si mieɖu la mesɔ gbɔ na mi oa?
“O nenye ɖe woaŋlɔ nye nyawo ɖi, nenye ɖe woaŋlɔe ɖe agbalẽ me eye
nenye ɖe woatsɔ gayibɔnuŋlɔnu aɖee ɖe akɔblikpe dzi alo woaɖee ɖe agakpe dzi tegbee hã la, anyo ŋutɔ.
Menya be nye Xɔnametɔ le agbe, eye mlɔeba la, atsi tsitre ɖe anyigba dzi.
26 我这皮肉灭绝之后, 我必在肉体之外得见 神。
Eye ne nye ŋutigbalẽ vuvu keŋkeŋkeŋ hã la, makpɔ Mawu le nye ŋutilã me,
27 我自己要见他, 亲眼要看他,并不像外人。 我的心肠在我里面消灭了!
Nye ŋutɔ makpɔe, makpɔe kple nye ŋkuwo, menye ame bubu aɖeke tɔ o. Aleke nye dzi mehetsi dzi ɖe eŋui o!
28 你们若说:我们逼迫他要何等地重呢? 惹事的根乃在乎他;
“Ne miegblɔ be, ‘Aleke míadi vɔ̃ nɛ? Eya ŋutɔ gbɔ kuxiawo tso’ la,
29 你们就当惧怕刀剑; 因为忿怒惹动刀剑的刑罚, 使你们知道有报应。
ekema yi nedo vɔvɔ̃ na miawo ŋutɔ elabena dziku atsɔ yi ahe toe eye mianya be ʋɔnudɔdrɔ̃ li.”