< 耶利米书 24 >
1 巴比伦王尼布甲尼撒将犹大王约雅敬的儿子耶哥尼雅和犹大的首领,并工匠、铁匠从耶路撒冷掳去,带到巴比伦。这事以后,耶和华指给我看,有两筐无花果放在耶和华的殿前。
Esi Nebukadnezar, Babilonia fia kplɔ Yehoyakim vi Yehoyatsin, Yuda fia, eƒe dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo yi ɖe aboyo mee le Babilonia megbe la, Yehowa ɖe gbotsetse kusi eve siwo woda ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ mɔnu la fiam.
2 一筐是极好的无花果,好像是初熟的;一筐是极坏的无花果,坏得不可吃。
Gbotsetse nyuiwo le kusi ɖeka me, eye woɖi nyuie abe esiwo ɖina kaba la ene. Ke gbotsetse siwo le kusi evelia me la menyo kura o, wogblẽ ale gbegbe be womenyo woaɖu o.
3 于是耶和华问我说:“耶利米你看见什么?”我说:“我看见无花果,好的极好,坏的极坏,坏得不可吃。”
Tete Yehowa biam be, “Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?” Meɖo eŋu be, “Gbotsetsewoe. Nyuitɔwo le nyuie ŋutɔ, ke manyomanyoawo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o.”
Tete Yehowa ƒe nya va nam be,
5 耶和华—以色列的 神如此说:被掳去的犹大人,就是我打发离开这地到迦勒底人之地去的,我必看顾他们如这好无花果,使他们得好处。
“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Mebu aboyome siwo tso Yuda la abe gbotsetse nyui siawo ene, ame siwo meɖo ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi tso teƒe sia.
6 我要眷顾他们,使他们得好处,领他们归回这地。我也要建立他们,必不拆毁;栽植他们,并不拔出。
Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu hena woawo ŋutɔ ƒe nyonyo eye magakplɔ wo agbɔe va anyigba sia dzi. Matu wo eye nyemagbã wo aƒu anyi o. Mado wo eye nyemaho wo aƒu gbe o.
7 我要赐他们认识我的心,知道我是耶和华。他们要作我的子民,我要作他们的 神,因为他们要一心归向我。”
Mana dzi wo, ne woadze sim be nyee nye Yehowa. Woanye nye dukɔ eye manye woƒe Mawu elabena woatrɔ agbɔ, ava gbɔnye kple woƒe dzi blibo.’
8 耶和华如此说:“我必将犹大王西底家和他的首领,以及剩在这地耶路撒冷的余民,并住在埃及地的犹大人都交出来,好像那极坏、坏得不可吃的无花果。
“Yehowa be, ‘Gake abe gbotsetse siwo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o ene la, nenemae mawɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, woatsi anyigba sia dzi loo, alo woanɔ Egipte.
9 我必使他们交出来,在天下万国中抛来抛去,遭遇灾祸;在我赶逐他们到的各处成为凌辱、笑谈、讥刺、咒诅。
Mawɔ wo woanye bibi kple ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, nu ɖikokoe kple fiƒodenu le afi sia afi si menya wo ɖo ɖo.
10 我必使刀剑、饥荒、瘟疫临到他们,直到他们从我所赐给他们和他们列祖之地灭绝。”
Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo dome va se ɖe esime woatsrɔ̃, avɔ le anyigba si metsɔ na wo kple wo fofowo la dzi.’”