< 耶利米书 2 >

1 耶和华的话临到我说:
Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be,
2 “你去向耶路撒冷人的耳中喊叫说,耶和华如此说: 你幼年的恩爱, 婚姻的爱情, 你怎样在旷野, 在未曾耕种之地跟随我, 我都记得。
“Yi nàkui ɖe to me na Yerusalem be, “Ale Yehowa gblɔe nye si: “‘Meɖo ŋku wò ɖetugbime ƒe nuteƒewɔwɔ dzi, kple ale si nèlɔ̃mee esi nènye nye ŋugbetɔ. Èkplɔm ɖo to gbedadaƒo kple kuɖiɖinyigba dzi.
3 那时以色列归耶和华为圣, 作为土产初熟的果子; 凡吞吃它的必算为有罪, 灾祸必临到他们。 这是耶和华说的。
Israel nɔ kɔkɔe na Yehowa, eƒe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo, ame siwo katã ʋuʋui la, dze agɔ eya ta dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe wo dzi.’” Yehowae gblɔe.
4 雅各家、以色列家的各族啊,你们当听耶和华的话。
Se Yehowa ƒe nya, O Yakob ƒe aƒe, mi Israel ƒe aƒe la ƒe towo katã.
5 耶和华如此说: 你们的列祖见我有什么不义, 竟远离我,随从虚无的神, 自己成为虚妄的呢?
Ale Yehowa gblɔe nye si. “Vodada kae mia fofowo kpɔ le ŋunye be wotra ɖa tso gbɔnye nenema gbegbe? Wokplɔ legba maɖinuwo ɖo eye woawo ŋutɔ hã zu nu maɖinuwo.
6 他们也不说: 那领我们从埃及地上来, 引导我们经过旷野, 沙漠有深坑之地, 和干旱死荫、无人经过、 无人居住之地的耶和华在哪里呢?
Womebia be, ‘Afi ka Yehowa, ame si kplɔ mí tso Egipte, to dzogbe, afi si nuku mewɔna le o, to gbedadaƒo kple aganuwo, to kuɖiɖinyigba dzi kple viviti me, anyigba si dzi ame aɖeke metona alo tso aƒe ɖo o la le?’ o.
7 我领你们进入肥美之地, 使你们得吃其中的果子和美物; 但你们进入的时候就玷污我的地, 使我的产业成为可憎的。
Mekplɔ mi va anyigba si nyoa nu la dzi be miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo, gake mieva do gu nye anyigba eye miewɔ nye domenyinu wòzu ŋunyɔnu.
8 祭司都不说,耶和华在哪里呢? 传讲律法的都不认识我。 官长违背我; 先知借巴力说预言, 随从无益的神。
Nunɔlawo gɔ̃ hã mebia be, ‘Afi ka Yehowa le?’ o. Ame siwo wɔa sea ŋuti dɔ la menyam o. Kplɔlawo dze aglã ɖe ŋutinye. Nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me eye wokplɔ legba maɖinuwo ɖo.”
9 耶和华说:我因此必与你们争辩, 也必与你们的子孙争辩。
Yehowa be, “Eya ta megatsɔ nya ɖe mia ŋu, eye matsɔ nya ɖe mia viwo ƒe viwo ŋuti.
10 你们且过到基提海岛去察看, 打发人往基达去留心查考, 看曾有这样的事没有。
Mitso ƒu ne miava Kiprotɔwo ƒe fukpo dzi ne miakpɔ nu. Midɔ ame ɖo ɖe Kedar ne woalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie. Mikpɔe ɖa be nane nɔ anyi alea kpɔ hã.
11 岂有一国换了他的神吗? 其实这不是神! 但我的百姓将他们的荣耀换了那无益的神。
Ɖe dukɔ aɖe ɖɔli eƒe mawuwo kpɔa? Evɔ menye mawuwoe wonye hafi o; gake nye dukɔ tsɔ woƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli legba maɖinuwoe.
12 诸天哪,要因此惊奇, 极其恐慌,甚为凄凉! 这是耶和华说的。
O, dziƒowo, miaƒe nu neku le esia ta, eye miadzo nyanyanya kple ŋɔdzi gã.” Yehowae gblɔe.
13 因为我的百姓做了两件恶事, 就是离弃我这活水的泉源, 为自己凿出池子, 是破裂不能存水的池子。
“Nye dukɔ wɔ nu vɔ̃ eve. Wogbe nu le nye agbetsivudo la gbɔ eye woɖe woawo ŋutɔ ƒe tsiʋewo, tsiʋe siwo ŋɔ eye tsi mate ŋu atɔ ɖe wo me o.
14 以色列是仆人吗? 是家中生的奴仆吗? 为何成为掠物呢?
Subɔvi alo kluvie Israel nye tso dzidzimea? Ke nu ka ta wòva zu nuhaha ɖo?
15 少壮狮子向他咆哮,大声吼叫, 使他的地荒凉; 城邑也都焚烧,无人居住。
Dzatawo ɖe gbe, wole gbe tem ɖe eŋu. Wowɔ eƒe anyigba wòzu gbegbe. Wotɔ dzo eƒe duwo eye wozu aƒedowo.
16 挪弗人和答比匿人也打破你的头顶。
Memfistɔwo kple Tapanhestɔwo hã ƒlɔ dzodome na wo.
17 这事临到你身上,不是你自招的吗? 不是因耶和华—你 神引你行路的时候, 你离弃他吗?
Ɖe menye miawo ŋutɔe he esia va mia ɖokui dzii esi miegbe Yehowa, miaƒe Mawu la esi wòkplɔ mi le mɔ dzi oa?
18 现今你为何在埃及路上要喝西曷的水呢? 你为何在亚述路上要喝大河的水呢?
Azɔ nu ka ta miebe yewoayi ɖe Egipte, aɖano Sihor me tsi? Eye nu ka ta miayi Asiria be miano Frat tɔsisi me tsi?
19 你自己的恶必惩治你; 你背道的事必责备你。 由此可知可见,你离弃耶和华—你的 神, 不存敬畏我的心, 乃为恶事,为苦事。 这是主—万军之耶和华说的。
Miaƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ahe to na mi eye miaƒe megbedede aka mo na mi. Bu eŋu nàdze si ale si wòavɔ̃ɖi na wò, ahave wòe esi nègblẽ Yehowa, wò Mawu la ɖi, eye mèvɔ̃m o la ta.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
20 我在古时折断你的轭,解开你的绳索。 你说:我必不事奉耶和华; 因为你在各高冈上、各青翠树下屈身行淫。
“Tso gbe aɖe gbe ke nèŋe wò kɔkuti, eye nètso wò bablawo, ègblɔ bena, ‘Nyemasubɔ wò o!’ Vavã, èmlɔ anyi abe gbolo ene ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te.
21 然而,我栽你是上等的葡萄树, 全然是真种子; 你怎么向我变为外邦葡萄树的坏枝子呢?
Medo wò abe wainti nyuitɔ si tso wainka vavã siwo tsena nyuie la dometɔ ɖeka ene. Ke nu ka ta nèwɔ ɖe ŋutinye alea hezu abe wainka si mie le eɖokui si la ene?
22 你虽用硷、多用肥皂洗濯, 你罪孽的痕迹仍然在我面前显出。 这是主耶和华说的。
Togbɔ be èle tsi kple adzalẽ eye nèle adzalẽ ʋeʋĩ geɖe hã la, wò nu vɔ̃ ƒe ɖiƒoƒo gale nye ŋkume kokoko.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
23 你怎能说: 我没有玷污、没有随从众巴力? 你看你谷中的路,就知道你所行的如何。 你是快行的独峰驼,狂奔乱走。
“Nu ka ta nàgblɔ be, ‘Nyemeɖu kɔ o, nyemeƒu du dze Baalwo yome o?’ Kpɔ ale si nèwɔ le balime la ɖa. Bu nu si nèwɔ la ŋu kpɔ. Èle abe kposɔnɔ si ɖia du eye wòle du sim tso afi yi afi mɛ la ene.
24 你是野驴,惯在旷野, 欲心发动就吸风; 起性的时候谁能使它转去呢? 凡寻找它的必不致疲乏; 在它的月分必能寻见。
Èle abe gbetedzi si nyagbegbe nyuie hele ya ʋẽm kple eƒe ŋɔti le eƒe fieŋufieŋu me la ene. Ne asiyɔyɔ le edzrom la, ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ? Mehiã gɔ̃ hã be atsu siwo le eyome tim la nakplɔe ɖo ɖeɖi nate wo ŋuti o elabena ne eɖo asiyɔyɔ dzi la, woake ɖe eŋu bɔbɔe.
25 我说:你不要使脚上无鞋, 喉咙干渴。 你倒说:这是枉然。 我喜爱别神,我必随从他们。
Mègaƒu du va se ɖe esime wò afɔwo natsi ƒuƒlu, eye wò ve me naƒu kplakplakpla o. Gake, ègblɔ be, ‘Mehiã o; melɔ̃ dutamawuwo eya ta ele nam be mati wo yome.’
26 贼被捉拿,怎样羞愧, 以色列家和他们的君王、首领、 祭司、先知也都照样羞愧。
“Abe ale si ŋu kpea fiafitɔ ne asi su edzi ene la, nenema ke ŋu akpe Israel ƒe aƒe la, woƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo kple woƒe nyagblɔɖilawo.
27 他们向木头说:你是我的父; 向石头说:你是生我的。 他们以背向我, 不以面向我; 及至遭遇患难的时候却说: 起来拯救我们。
Wogblɔna na ati be, ‘Wòe nye fofonye.’ Wogblɔna na kpe be, ‘Wòe dzim.’ Wotrɔ woƒe megbe dem ke menye woƒe ŋkume o, gake ne woɖo xaxa me la, wogblɔna be, ‘Va, nàɖe mí!’
28 你为自己做的神在哪里呢? 你遭遇患难的时候, 叫他们起来拯救你吧! 犹大啊,你神的数目与你城的数目相等。
Ekema afi ka gɔ̃e mawu siwo miewɔ na mia ɖokuiwo la le? Woneva ne woate ŋu aɖe mi, ne mieɖo xaxa me! O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ abe wò duwo ene.”
29 耶和华说: 你们为何与我争辩呢? 你们都违背了我。
Yehowa be, “Nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋutinye ɖo?” Evɔ mi katã miedze aglã ɖe ŋutinye.
30 我责打你们的儿女是徒然的, 他们不受惩治。 你们自己的刀吞灭你们的先知, 好像残害的狮子。
“Dzodzroe mehe to na wò amewo, elabena mehe ɖɔɖɔɖo aɖeke va woƒe agbe mee o. Wò yi vuvu wò nyagblɔɖilawo abe dzata dɔwui ene.
31 这世代的人哪, 你们要看明耶和华的话。 我岂向以色列作旷野呢? 或作幽暗之地呢? 我的百姓为何说: 我们脱离约束,再不归向你了?
“O dzidzime sia, mibu Yehowa ƒe nya ŋu. “Gbegbee menye na Israel loo alo viviti tsiɖitsiɖi ƒe anyigba? Nu ka ta nye dukɔ le gbɔgblɔm be, ‘Ablɔɖe le mía si be míatsa eya ta miagatrɔ ava gbɔwò o?’
32 处女岂能忘记她的妆饰呢? 新妇岂能忘记她的美衣呢? 我的百姓却忘记了我无数的日子!
Ɖe ɖetugbi aŋlɔ eƒe atsyɔ̃ɖonuwo be alo ŋugbetɔ naŋlɔ eƒe lekewɔnuwo bea? Gake nye dukɔ ŋlɔm be hena ɣeyiɣi didi aɖe.
33 你怎么修饰你的道路要求爱情呢? 就是恶劣的妇人你也叫她们行你的路。
Aleke nèhenya ahiãdidii! Nyɔnu siwo bi ɖe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso gbɔwò.
34 并且你的衣襟上有无辜穷人的血; 你杀他们并不是遇见他们挖窟窿, 乃是因这一切的事。
Amewo kpɔ ame maɖifɔ dahewo ƒe ʋu le wò awuwo me, evɔ mèlé wo wonɔ ʋɔ gbãm hafi o, gake le esiawo katã megbe hã la,
35 你还说:我无辜; 耶和华的怒气必定向我消了。 看哪,我必审问你; 因你自说:我没有犯罪。
ègblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o. Mekpɔ dziku ɖe ŋutinye o.’ Ke madrɔ̃ ʋɔnu wò elabena ègblɔ be, ‘Nyemewɔ nu vɔ̃ o.’
36 你为何东跑西奔要更换你的路呢? 你必因埃及蒙羞, 像从前因亚述蒙羞一样。
Nu ka ta nèle yiyim nenema gbegbe le wò mɔwo trɔm? Egipte ana ŋu nakpe wò abe ale si Asiria hã na ŋu kpe wò ene.
37 你也必两手抱头从埃及出来; 因为耶和华已经弃绝你所倚靠的, 你必不因他们得顺利。
Àtsɔ asi akpla ta hafi adzo le teƒe ma hã elabena Yehowa gbe nu le ame siwo dzi nèka ɖo la gbɔ. Eya ta womakpe ɖe ŋuwò o.

< 耶利米书 2 >