< 何西阿书 14 >
1 以色列啊,你要归向耶和华—你的 神; 你是因自己的罪孽跌倒了。
O Israel, mitrɔ yi Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, elabena miaƒe nu vɔ̃wo gbã mi gudugudu.
2 当归向耶和华, 用言语祷告他说: 求你除净罪孽,悦纳善行; 这样,我们就把嘴唇的祭代替牛犊献上。
Miva Yehowa gbɔ kple miaƒe kukuɖeɖe, eye miagblɔ nɛ be, “O Yehowa, tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí. Ve mía nu nàgaxɔ mí, eye míatsɔ kafukafuvɔsa vɛ na wò.
3 我们不向亚述求救, 不骑埃及的马, 也不再对我们手所造的说: 你是我们的 神。 因为孤儿在你—耶和华那里得蒙怜悯。
Asiria mate ŋu axɔ na mí le aʋa me o, eye míaƒe aʋawɔsɔwo hã mate ŋu aɖe mí o; míagayɔ legba siwo míewɔ kple asi la be míaƒe mawuwo azɔ o, elabena wò Yehowa ɖeɖe gbɔ ko tsyɔ̃eviwo kpɔa nublanuikpɔkpɔ le.”
4 我必医治他们背道的病, 甘心爱他们; 因为我的怒气向他们转消。
“Ekema mada gbe le woƒe mɔtatra ŋu, eye magalɔ̃ wo kple dzi faa, elabena nye dɔmedzoe nu afa keŋ.
5 我必向以色列如甘露; 他必如百合花开放, 如黎巴嫩的树木扎根。
Manɔ abe ahũdzadza ene na Israel, aƒo se nyuie abe dzogbenya ene, eye wòaƒo ke ɖe to abe Lebanon ƒe sedati ene.
6 他的枝条必延长; 他的荣华如橄榄树; 他的香气如黎巴嫩的香柏树。
Eƒe alɔdzewo atse nyuie, eƒe dzedzeme anɔ abe amiti ene, eye eƒe ʋeʋẽ anɔ abe Lebanon ƒe sedati ene.
7 曾住在他荫下的必归回, 发旺如五谷,开花如葡萄树。 他的香气如黎巴嫩的酒。
Amewo aganɔ anyi ɖe eƒe vɔvɔli te bɔkɔɔ, aʋã abe bli ene, aƒo se abe wainti ene, eye axɔ ŋkɔ abe Lebanon ƒe wain ene.
8 以法莲必说: 我与偶像还有什么关涉呢? 我—耶和华回答他,也必顾念他。 我如青翠的松树; 你的果子从我而得。
O Efraim! Migbe nu le legbawo gbɔ! Matɔ nɛ, akpɔ eta. Mele abe ati dama ene. Wò nuteƒewɔwɔ tso gbɔnye.”
9 谁是智慧人?可以明白这些事; 谁是通达人?可以知道这一切。 因为,耶和华的道是正直的; 义人必在其中行走, 罪人却在其上跌倒。
Ame sia ame si si nunya le la, ase nu siawo gɔme. Ame sia ame si bua ta me la, neɖo to, elabena Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe, eye ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi, ke nu vɔ̃ wɔlawo ya akli nu, adze anyi.