< 哈巴谷书 2 >
1 我要站在守望所, 立在望楼上观看, 看耶和华对我说什么话, 我可用什么话向他诉冤。
Manɔ nye gbetakpɔƒe tame, eye matsi tsitre ɖe nye xɔta; mada ŋku ɖi akpɔ nu si wòagblɔ atsɔ aɖo nye biabia ŋui.
2 他对我说:将这默示明明地写在版上, 使读的人容易读。
Yehowa ɖo eŋu nam be: “Ŋlɔ ɖeɖefia la da ɖi. Ŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi eme nakɔ ale be woate ŋu axlẽe bɔbɔe.
3 因为这默示有一定的日期, 快要应验,并不虚谎。 虽然迟延,还要等候; 因为必然临到,不再迟延。
Elabena azãgbe li na ɖeɖefia la elabena eƒo nu tso nuwuwu si le vava ge la ŋuti eye mada le edzi o; ke ne ehe ɖe megbe hã la, lalae elabena ava eme godoo, mada le edzi o.
4 迦勒底人自高自大,心不正直; 惟义人因信得生。
“Nye kɔ nàkpɔ dadala la ɖa; nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke mele eya amea me o; ke ame dzɔdzɔe anɔ agbe to eƒe xɔse me.
5 迦勒底人因酒诡诈,狂傲, 不住在家中, 扩充心欲,好像阴间。 他如死不能知足, 聚集万国,堆积万民都归自己。 (Sheol )
Gawu la, wain ɖe hae, edoa eɖokui ɖe dzi eye medzea kɔ anyi o. Elabena ele abe yɔdo si nu meɖia kɔ na o ene eye wògale abe ku si nu meɖia ƒo na o ene. Eƒo dukɔwo katã nu ƒu na eɖokui eye wòdo kluvi amewo katã. (Sheol )
6 这些国的民岂不都要提起诗歌并俗语讥刺他说: 祸哉!迦勒底人,你增添不属自己的财物, 多多取人的当头,要到几时为止呢?
“Ɖe amewo katã maɖia wo nu, aɖe alɔme le wo ŋu, ako wo ahagblɔ be: “‘Baba na ame si li kɔ nu siwo wofi ɖi eye wòwɔ eɖokui kesinɔtɔe to amebaba me. Ɣe ka ɣie nu siawo ayi edzi ase ɖo?’
7 咬伤你的岂不忽然起来, 扰害你的岂不兴起, 你就作他们的掳物吗?
Ɖe wò fetɔwo matso ɖe ŋuwò kpata, ɖe womanyɔ ado ŋɔdzi na wò oa? Ekema àva zu woƒe nuhaha.
8 因你抢夺许多的国,杀人流血, 向国内的城并城中一切居民施行强暴, 所以各国剩下的民都必抢夺你。
Esi mieha dukɔ geɖewo ta la ame siwo susɔ la aha miawo hã elabena miekɔ ʋu ɖi eye mietstrɔ̃ anyigbawo, duwo kple ame siwo le wo me.
9 为本家积蓄不义之财、 在高处搭窝、指望免灾的有祸了!
“Baba na ame si tu sã to amebaba me, ne yeawɔ nɔƒe ɖe dziƒo ke be yeasi le gbegblẽ nu.
10 你图谋剪除多国的民,犯了罪, 使你的家蒙羞,自害己命。
Ame geɖewo ƒe tsɔtsrɔ̃ tso mia gbɔ eya ta miedo ŋukpe miawo ŋutɔ ƒe aƒe, miebu miawo ŋutɔ ƒe agbe.
Kpe siwo wotsɔ tu miaƒe xɔwoe gɔ̃ hã ado ɣli ɖe mia ta eye ati siwo wotsɔ wɔ dzisasãwo la hã aɖe gbeƒã nya siwo kpeawo gblɔ.
“Baba na mi, mi ame siwo wu amewo eye miexɔ ga le amewo si tsɔ tso hlɔ̃dodui.
13 众民所劳碌得来的被火焚烧, 列国由劳乏而得的归于虚空, 不都是出于万军之耶和华吗?
Ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la meɖoe be amewo ƒe agbagbadzedzewo katã nabi le dzo me eye dukɔwo naka hiã wo ɖokui dzodzro oa?
14 认识耶和华荣耀的知识要充满遍地, 好像水充满洋海一般。
Ke anyigba dzi ayɔ fũu kple sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.
15 给人酒喝、又加上毒物、 使他喝醉、好看见他下体的有祸了!
“Baba na ame si na aha ehavi wòno eye wòku wain na ehavi wòno va se ɖe esime wòmu be yeakpɔ eƒe amame.
16 你满受羞辱,不得荣耀; 你也喝吧,显出是未受割礼的! 耶和华右手的杯必传到你那里; 你的荣耀就变为大大地羞辱。
Azɔ eɖo wò hã dziwò. Noe nàɖe amama eye ŋukpe nava dziwò le ŋutikɔkɔeteƒe. Kplu si Yehowa lé ɖe eƒe nuɖusime la gbɔna gbɔwò eye ŋukpe atsyɔ wò ŋutikɔkɔe dzi.
17 你向黎巴嫩行强暴与残害 惊吓野兽的事必遮盖你; 因你杀人流血, 向国内的城并城中一切居民施行强暴。
Nu vlo si nèwɔ Lebanon la ava ƒo ɖe wò hã dziwò. Lã siwo katã nètsrɔ̃ la ado ŋɔdzi na wò elabena èkɔ ʋu ɖi eye nètsrɔ̃ anyigba kple duwo kple wo me nɔlawo katã.
18 雕刻的偶像,人将它刻出来, 有什么益处呢? 铸造的偶像就是虚谎的师傅。 制造者倚靠这哑巴偶像有什么益处呢?
“Viɖe kae le legba si ame li la ŋuti alo aklamakpakpɛ si daa alakpa la ŋuti? Ame si wɔe la tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe nu si eya ŋutɔ wɔ la dzi elabena ewɔ legba siwo mate ŋu aƒo nu o.
19 对木偶说:醒起! 对哑巴石像说:起来!那人有祸了! 这个还能教训人吗? 看哪,是包裹金银的,其中毫无气息。
Baba na ame si gblɔ na atikpakpɛ be, ‘Gbɔ agbe!’ Alo na kpe si me agbe mele o be, ‘Nyɔ!’ Ɖe wòate ŋu afia mɔ amea? Wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃ nɛ gake agbegbɔgbɔ mele eme o.”
20 惟耶和华在他的圣殿中; 全地的人都当在他面前肃敬静默。
Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, xexea me katã nazi ɖoɖoe le eŋkume.