< 创世记 5 >
1 亚当的后代记在下面。(当 神造人的日子,是照着自己的样式造的,
Esiae nye Adam ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkuɖodzigbalẽ. Esi Mawu wɔ amegbetɔ la ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme.
2 并且造男造女。在他们被造的日子, 神赐福给他们,称他们为“人”。)
Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo. Eyɔ wo tso gɔmedzedzea be “Ame.”
3 亚当活到一百三十岁,生了一个儿子,形象样式和自己相似,就给他起名叫塞特。
Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ esi wòdzi Set. Ŋutsuvi sia ɖi fofoa ŋutɔ le go ɖe sia ɖe me.
Le Set dzidzi megbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi. Egadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple blaetɔ̃ hafi ku.
Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ hafi dzi Enos.
7 塞特生以挪士之后,又活了八百零七年,并且生儿养女。
Eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adre, eye wògadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple wuieve hafi ku.
Esime Enos xɔ ƒe blaasiekɛ la, ezu fofo na Kenan,
10 以挪士生该南之后,又活了八百一十五年,并且生儿养女。
eye esi wòdzi Kenan megbe la, Enos ganɔ agbe ƒe alafa enyi wuiatɔ̃, eye wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi bubuwo nɛ.
Enos ƒe agbenɔƒewo katã nye ƒe alafa asiekɛ kple atɔ̃, eye wòku.
Kenan xɔ ƒe blaadre hafi dzi Via ŋutsuvi Mahalalel.
13 该南生玛勒列之后,又活了八百四十年,并且生儿养女。
Kenan ganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaene le Mahalalel kple Kenan dzidzi vɔ megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo bubuwo hã emegbe.
Kenan ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ kple ewo.
Mahalalel xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Via ŋutsuvi Yared.
16 玛勒列生雅列之后,又活了八百三十年,并且生儿养女。
Esi Mahalalel dzi Yared megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaetɔ̃. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo,
eye wòku esi wòxɔ ƒe alafa enyi blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃.
Yared xɔ ƒe alafa ɖeka blaade-vɔ-eve esi wòdzi Via ŋutsuvi Enɔk.
19 雅列生以诺之后,又活了八百年,并且生儿养女。
Eganɔ agbe ƒe alafa enyi. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
Yared ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-eve.
Enɔk xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Metusela.
22 以诺生玛土撒拉之后,与 神同行三百年,并且生儿养女。
Eganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃, eye wòzɔ nyuie kple Mawu. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
Enɔk xɔ ƒe alafa etɔ̃ blaade-vɔ-atɔ̃,
24 以诺与 神同行, 神将他取去,他就不在世了。
eye esi wògazɔ kple Mawu kplikplikpli ta la, ebu vĩi, elabena Mawu kɔe dzoe.
Metusela xɔ ƒe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-adre hafi dzi Via ŋutsuvi Lamek.
26 玛土撒拉生拉麦之后,又活了七百八十二年,并且生儿养女。
Eganɔ agbe ƒe alafa adre blaenyi-vɔ-eve. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
Metusela ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-asiekɛ.
Lamek xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-eve hafi wòdzi Via ŋutsuvi Noa.
29 给他起名叫挪亚,说:“这个儿子必为我们的操作和手中的劳苦安慰我们;这操作劳苦是因为耶和华咒诅地。”
Lamek na ŋkɔe be Noa si gɔmee nye “Gbɔdzɔe,” elabena egblɔ be, “Ame sia ahe gbɔdzɔe vɛ na mí tso agbledɔ sesẽ si wɔm míele le anyigba si Mawu ƒo fi dee dzi la me.”
30 拉麦生挪亚之后,又活了五百九十五年,并且生儿养女。
Lamek ganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ le Noa dzidzi megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
Lamek ku esi wòxɔ ƒe alafa adre blaadre-vɔ-adre.
Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃, eye wòdzi ŋutsuvi etɔ̃: Sem, Ham kple Yafet.