< 以西结书 48 >
1 众支派按名所得之地记在下面:从北头,由希特伦往哈马口,到大马士革地界上的哈萨·以难。北边靠着哈马地(各支派的地都有东西的边界),是但的一分。
“Esiawoe nye toawo le woƒe ŋkɔwo nu: “Tso dzigbemeliƒo dzi la, Dan axɔ mama ɖeka. Mama sia azɔ ɖe Hetlon mɔ ŋu ayi Lebo Hamat. Hazar Enan kple Damasko ƒe dzigbemeliƒo anye eƒe liƒo ƒe akpa aɖe tso ɣedzeƒe lɔƒo va yi ɣetoɖoƒe lɔƒo.
Aser axɔ mama ɖeka; ado liƒo kple Dan ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.
Naftali axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Aser ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.
4 挨着拿弗他利的地界,从东到西,是玛拿西的一分。
Manase axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Naftali ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.
Efraim axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Manase ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.
Ruben axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Efraim ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.
Yuda axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Ruben ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.
8 挨着犹大的地界,从东到西,必有你们所当献的供地,宽二万五千肘。从东界到西界,长短与各分之地相同,圣地当在其中。
“Anyigba si miana abe lɔlɔ̃nununana tɔxɛ ene la, anɔ Yuda ƒe anyigba ƒe liƒo dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. Akeke mita akpe wuieve alafa atɔ̃, eye eƒe didime tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe asɔ kple to ɖeka ƒe anyigba tɔ. Kɔkɔeƒe la anɔ eƒe titina.
9 你们献与耶和华的供地要长二万五千肘,宽一万肘。
“Teƒe tɔxɛ si miana Aƒetɔ Yehowa la adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃, eye wòakeke mita akpe atɔ̃.
10 这圣供地要归与祭司,北长二万五千肘,西宽一万肘,东宽一万肘,南长二万五千肘。耶和华的圣地当在其中。
Teƒe sia anye teƒe kɔkɔe na nunɔlawo. Adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ le anyiehe, akeke mita akpe atɔ̃ le ɣetoɖoƒe, akeke mita akpe atɔ̃ le ɣedzeƒe, eye wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ le dziehe. Aƒetɔ Yehowa ƒe Kɔkɔeƒe la anɔ teƒe sia ƒe titina.
11 这地要归与撒督的子孙中成为圣的祭司,就是那守我所吩咐的。当以色列人走迷的时候,他们不像那些利未人走迷了。
Teƒe sia anye nunɔla siwo ŋuti wokɔ, Zadok ƒe viwo tɔ, ame siwo wɔ nuteƒe, subɔm, eye wometra mɔ abe Levitɔwo ene esime Israelviwo tra mɔ o.
12 这要归与他们为供地,是全地中至圣的。供地挨着利未人的地界。
Anye nunana tɔxɛ na wo tso teƒe kɔkɔe la ŋu, teƒe kɔkɔe aɖe ŋutɔe, eye wòado liƒo kple Levitɔwo ƒe teƒe.
13 利未人所得的地要长二万五千肘,宽一万肘,与祭司的地界相等,都长二万五千肘,宽一万肘。
“Le nunɔlawo ƒe teƒe ƒe axadzi la, Levitɔwo axɔ anyigba wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃, eye wòakeke mita akpe atɔ̃. Eƒe didime blibo la anye mita akpe wuieve alafa atɔ̃, eye eƒe kekeme blibo la anye mita akpe atɔ̃.
14 这地不可卖,不可换,初熟之物也不可归与别人,因为是归耶和华为圣的。
Mele be miadzra anyigba la ƒe akpa aɖeke alo aɖɔlii kple naneke o. Esiae nye anyigba la ƒe akpa nyuitɔ, eye mage ɖe ame bubuwo ƒe asi me o, elabena ele kɔkɔe na Aƒetɔ Yehowa.
15 这二万五千肘前面所剩下五千肘宽之地要作俗用,作为造城盖房郊野之地。城要在当中。
“Teƒe si asusɔ, si akeke mita akpe eve alafa atɔ̃, eye wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ la, anɔ anyi na dua ƒe ŋu dɔ wɔwɔ, hena aƒewo kple lãnyiƒewo. Du la anɔ teƒe la ƒe titina,
16 城的尺寸乃是如此:北面四千五百肘,南面四千五百肘,东面四千五百肘,西面四千五百肘。
eye wòadidi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ le anyiehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ le dziehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ le ɣetoɖoƒe lɔƒo.
17 城必有郊野,向北二百五十肘,向南二百五十肘,向东二百五十肘,向西二百五十肘。
Du la ƒe lãnyiƒe adidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ le anyiehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ le dziehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòadidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ le ɣetoɖoƒe lɔƒo.
18 靠着圣供地的余地,东长一万肘,西长一万肘,要与圣供地相等;其中的土产要作城内工人的食物。
Anyigba la ƒe akpa si susɔ, si ɖe liƒo kple teƒe kɔkɔe la, eye wòmlɔ eƒe didime xa la, adidi mita akpe atɔ̃ le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe atɔ̃ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Eƒe agblemenukuwo anye nuɖuɖu na dua me dɔwɔlawo.
19 所有以色列支派中,在城内做工的,都要耕种这地。
Dua me dɔwɔlawo, ame siwo ade agble ɖe edzi la atso Israel ƒe toawo katã me.
20 你们所献的圣供地连归城之地,是四方的:长二万五千肘,宽二万五千肘。
Teƒe blibo la ƒe didime kple kekeme asɔ, eye ɖe sia ɖe adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃. Abe nunana tɔxɛ ene la, miaɖe teƒe kɔkɔe la ɖi wòamlɔ dua ƒe anyigba ŋu.
21 圣供地连归城之地,两边的余地要归与王。供地东边,南北二万五千肘,东至东界,西边南北二万五千肘,西至西界,与各分之地相同,都要归王。圣供地和殿的圣地要在其中,
“Nu si asusɔ le teƒe la ƒe akpa eveawo ŋu la le teƒe kɔkɔe la kple dua ƒe anyigba ŋu la, anye fiaviŋutsu la tɔ. Akeke ayi ɣedzeƒe lɔƒo tso teƒe kɔkɔe la mita akpe wuieve alafa atɔ̃ va se ɖe ɣedzeƒeliƒo la dzi, eye wòayi ɣetoɖoƒe lɔƒo tso mita akpe wuieve alafa atɔ̃ ŋu va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi. Teƒe eve siawo, siwo xe ɖe toawo ƒe teƒewo ƒe didime ŋu la anye fiaviŋutsu la tɔ, eye teƒe kɔkɔe la kple gbedoxɔ la anɔ woƒe titina.
22 并且利未人之地,与归城之地的东西两边延长之地(这两地在王地中间),就是在犹大和便雅悯两界中间,要归与王。
Ale Levitɔwo ƒe teƒe kple dua ƒe teƒe anɔ titina na teƒe si nye fiaviŋutsu la tɔ. Fiaviŋutsu la ƒe teƒe anɔ Yuda ƒe liƒo kple Benyamin ƒe liƒo dome.
“Le to bubuawo gome la: “Benyamin axɔ teƒe ɖeka; atso ɣedzeƒe lɔƒo ayi ɣetoɖoƒe lɔƒo.
Simeon axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Benyamin ƒe teƒe tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe.
Isaka axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Simeon tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe.
26 挨着以萨迦的地界,从东到西,是西布伦的一分。
Zebulon axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Isaka ƒe anyigba tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe.
Gad axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Zebulon ƒe anyigba tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe.
28 迦得地的南界是从他玛到米利巴·加低斯的水,延到埃及小河,直到大海。
Gad ƒe anyigba ƒe dzieheliƒo ayi dziehe tso Tamar ayi Meriba kple Kades ƒe tsiwo gbɔ, ato Egipte ƒe Wadi ŋu ayi Atsiaƒu Gã la to.
29 这就是你们要拈阄分给以色列支派为业之地,乃是他们各支派所得之分。这是主耶和华说的。
“Esiae nye anyigba si miama abe domenyinu na Israel ƒe towo ene, eye esiawoe anye woƒe teƒewo.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
“Esiawoe anye du la ƒe agbowo: “Tso dzigbeme lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃,
31 城的各门要按以色列支派的名字。北面有三门,一为吕便门,一为犹大门,一为利未门;
woatsɔ Israel ƒe towo ƒe ŋkɔwo na du la ƒe agbowo. Anyiehegbo etɔ̃awo anye Ruben ƒe agbo, Yuda ƒe agbo kple Levi ƒe agbo.
32 东面四千五百肘,有三门,一为约瑟门,一为便雅悯门,一为但门;
Le ɣedzeƒe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be, Yosef ƒe agbo, Benyamin ƒe agbo kple Dan ƒe agbo.
33 南面四千五百肘,有三门,一为西缅门,一为以萨迦门,一为西布伦门;
Le dziehe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be Simeon ƒe agbo, Isaka ƒe agbo kple Zebulon ƒe agbo.
34 西面四千五百肘,有三门,一为迦得门,一为亚设门,一为拿弗他利门。
Le ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be Gad ƒe agbo, Aser ƒe agbo kple Naftali ƒe agbo.
35 城四围共一万八千肘。从此以后,这城的名字必称为“耶和华的所在”。
“Teƒe la katã ƒe didime anye mita akpe asiekɛ. “Eye du la ƒe ŋkɔ tso ɣe ma ɣi dzi yina la anye, ‘Aƒetɔ Yehowa le afi ma.’”