< 以西结书 19 >

1 你当为以色列的王作起哀歌,
“Dze konyifaha aɖe gɔme, eye nàgblɔ be,
2 说: 你的母亲是什么呢? 是个母狮子,蹲伏在狮子中间, 在少壮狮子中养育小狮子。
“‘Dzatanɔ kae dawò nye le dzatawo dome? Emlɔ dzataviwo dome, eye wònye viawo.
3 在它小狮子中养大一个, 成了少壮狮子, 学会抓食而吃人。
Ehe viawo dometɔ ɖeka wòtsi hezu dzata sesẽ aɖe. Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna.
4 列国听见了就把它捉在他们的坑中, 用钩子拉到埃及地去。
Dukɔwo se eŋkɔ ɖe do nɛ, wòge ɖe eme, wolée, de ga ŋɔtime nɛ, eye wokplɔe yi Egiptenyigba dzi.
5 母狮见自己等候失了指望, 就从它小狮子中又将一个养为少壮狮子。
“‘Esi dzatanɔ la kpɔ be yeƒe mɔkpɔkpɔ medze edzi o la, ebu mɔkpɔkpɔ, tsɔ eƒe dzataviwo dometɔ bubu, wɔe wòzu dzata sesẽ aɖe.
6 它在众狮子中走来走去, 成了少壮狮子, 学会抓食而吃人。
Enɔ dzatawo dome, elabena ezu dzata sesẽ aɖe azɔ. Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna.
7 它知道列国的宫殿, 又使他们的城邑变为荒场; 因它咆哮的声音, 遍地和其中所有的就都荒废。
Egbã woƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi, eye wòwɔ woƒe duwo wozu aƒedo. Eƒe gbetete do ŋɔdzi na anyigba la kple ame siwo katã nɔ edzi
8 于是四围邦国各省的人来攻击它, 将网撒在它身上, 捉在他们的坑中。
Tete dukɔ siwo tso nuto ma me godoo la tso ɖe eŋu. Woɖo ɖɔ nɛ, eye woɖee le woƒe asɔʋe me.
9 他们用钩子钩住它,将它放在笼中, 带到巴比伦王那里, 将它放入坚固之所, 使它的声音在以色列山上不再听见。
Wode ga ŋɔtime nɛ, hee ɖade gaxadza me, eye wokɔe yi na Babilonia fia. Ale womegase eƒe gbetete kpɔ le Israel ƒe towo dzi o.
10 你的母亲先前如葡萄树, 极其茂盛,栽于水旁。 因为水多, 就多结果子,满生枝子;
“‘Dawò nɔ abe wainti ene le wò wainbɔ me. Wodoe ɖe tsi gbɔ. Etsea ku, eye wòɖe alɔwo fũu le tsi ƒe agbɔsɔsɔ le afi ma ta.
11 生出坚固的枝干,可作掌权者的杖。 这枝干高举在茂密的枝中, 而且它生长高大,枝子繁多, 远远可见。
Eƒe alɔwo sẽ, eye wonyo woatsɔ awɔ fiatikplɔ. Ekɔ gbɔ avemeti bubuawo katã ta, edzena le eƒe kɔkɔ kple eƒe alɔ geɖewo ta.
12 但这葡萄树因忿怒被拔出摔在地上; 东风吹干其上的果子, 坚固的枝干折断枯干, 被火烧毁了;
Ke wotsoe ƒu anyi le dɔmedzoe me. Ɣedzeƒeya na wòyrɔ, eye woɖe eƒe kutsetsewo ɖa le eŋu. Eƒe alɔ sesẽawo ku, eye dzo fia wo.
13 如今栽于旷野干旱无水之地。
Azɔ la, wodoe ɖe gbegbe, anyigba ƒuƒu aɖe dzi, afi si tsi menɔ o.
14 火也从它枝干中发出, 烧灭果子, 以致没有坚固的枝干可做掌权者的杖。 这是哀歌,也必用以作哀歌。
Dzo bi, kaka tso eƒe alɔ gã ɖeka me, eye wòbi eƒe tsetseawo. Alɔ sesẽ aɖeke megatsi eŋu woatsɔ akpa dziɖula ƒe fiatikplɔe o. Esia nye konyifaha, eye woawɔ eŋu dɔ abe konyifaha ene.’”

< 以西结书 19 >