< 出埃及记 37 >
1 比撒列用皂荚木做柜,长二肘半,宽一肘半,高一肘半。
Le esia megbe la, Bezalel tsɔ akasiati wɔ nubablaɖaka la. Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, ekeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade.
Wofa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye wotsɔ sika mimli do atsiã na eto kpe ɖo.
3 又铸四个金环,安在柜的四脚上:这边两环,那边两环。
Ewɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye wòklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔdɔ̃e eve nɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe.
Etsɔ akasiati kpa kpo didi eve, fa sika ɖe wo ŋu,
eye wòtsɔ wo ƒo ɖe sikasigɛawo me hena nubablaɖaka la kɔkɔ.
Le esia megbe la, etsɔ sika nyuitɔ wɔ nubablaɖaka la ƒe nutunu. Woyɔ nutunu sia be, “Amenuveveteƒe.” Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade.
Etsɔ sika tu kerubi eve, eye wòtsɔ wo da ɖe sikanutunu la ƒe nu eveawo.
8 这头做一个基路伯,那头做一个基路伯,二基路伯接连一块,在施恩座的两头。
Ewɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye wòwɔ ɖeka wònɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka.
9 二基路伯高张翅膀,遮掩施恩座;基路伯是脸对脸,朝着施恩座。
Kerubi eveawo dze ŋgɔ wo nɔewo, wokeke woƒe aʋalawo ɖe “Amenuveveteƒe” la dzi, eye wode mo to ɖe edzi.
10 他用皂荚木做一张桌子,长二肘,宽一肘,高一肘半,
Emegbe la, etsɔ akasiati kpa kplɔ̃e. Kplɔ̃ la didi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, ekeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade.
Wofa sika nyuitɔ ɖe eŋu eye wotsɔ sika mimli ɖo atsyɔ̃ na eto kpe ɖo.
12 桌子的四围各做一掌宽的横梁,横梁上镶着金牙边,
Etsɔ sika wɔ toɖonu si kɔ abe milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ ene la ɖo to na kplɔ̃ la kpe ɖo.
Etu sikasigɛ ene klã ɖe Kplɔ̃ la ƒe afɔ eneawo ŋu.
Wote ɖe atsyɔ̃ɖonu mimli la ŋu. Wowɔ wo be woatsɔ ati aƒo ɖe wo me hena aɖaka la kɔkɔ.
Wotsɔ akasiati kpa kpo siwo woatsɔ akɔ Kplɔ̃ lae, eye wofa sika ɖe wo ŋuti.
16 又用精金做桌子上的器皿,就是盘子、调羹,并奠酒的瓶和爵。
Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ agbawo, nutɔgbawo, detsikugbawo kple go siwo me woaku aha ɖo hena nunovɔsasa.
17 他用精金做一个灯台;这灯台的座和干,与杯、球、花,都是接连一块锤出来的。
Egatsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Akaɖiti la ƒe zɔ, ati didi la, akaɖigbɛawo ƒe nɔƒe kple seƒoƒo siwo woatsɔ aɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la katã nye nu blibo ɖeka.
Alɔ ade nɔ akaɖiti la ŋu, etɔ̃ nɔ akpa ɖeka, eye etɔ̃ nɔ akpa evelia hã.
19 这旁每枝上有三个杯,形状像杏花,有球有花;那旁每枝上也有三个杯,形状像杏花,有球有花。从灯台杈出来的六个枝子都是如此。
Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la, nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo katã, siwo le akaɖiti la kɔgo ŋu.
Nenema ke woɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la kple kplu ene siwo wowɔ ɖe “almɔd” seƒoƒo ƒe nɔnɔme me.
21 灯台每两个枝子以下有球,与枝子接连一块;灯台杈出的六个枝子都是如此。
Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade.
Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ atsyɔ̃ɖoɖoawo kple alɔawo katã wonye nu blibo ɖeka.
23 用精金做灯台的七个灯盏,并灯台的蜡剪和蜡花盘。
Emegbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖigbɛ adre ɖe alɔawo, ɖovulãnuawo kple dzowɔgagbɛawo siaa ŋu.
Wotsɔ sika nyuitɔ si ƒe kpekpeme nye kilogram blaetɔ̃-vɔ-adre la wɔ akaɖiti la kple eŋunuwoe.
25 他用皂荚木做香坛,是四方的,长一肘,宽一肘,高二肘,坛的四角与坛接连一块;
Wotsɔ akasiati kpa dzudzɔdovɔsamlekpui lae. Eƒe tame ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, anɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃. Ekɔ sentimita blaasiekɛ. Dzo ɖekaɖeka nɔ dzogoe etɔ̃ dzi; wowɔ wo ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ŋu, wònye nu ɖeka.
26 又用精金把坛的上面与坛的四面并坛的四角包裹,又在坛的四围镶上金牙边。
Efa sika nyuitɔ ɖe eŋuti keŋ, eye wòɖo atsyɔ̃ na eto kple sika.
27 做两个金环,安在牙子边以下,在坛的两旁、两根横撑上,作为穿杠的用处,以便抬坛。
Ewɔ sikagagɔdɔ̃e eve ɖe atsyɔ̃ɖonu la te, eye wògawɔ bubu eve ɖe axa eveawo hã dzi be woatsɔ atiwo aƒo ɖe wo me hena dzudzɔdovɔsamlekpui la kɔkɔ.
Wotsɔ akasiati kpa kpo didiawo, eye wofa sika ɖe wo ŋu.
Le esiawo megbe la, etsɔ atike ʋeʋĩwo wɔ ami kɔkɔe si woasi na nunɔlawo. Egawɔ dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene.