< 出埃及记 33 >

1 耶和华吩咐摩西说:“我曾起誓应许亚伯拉罕、以撒、雅各说:‘要将迦南地赐给你的后裔。’现在你和你从埃及地所领出来的百姓,要从这里往那地去。
Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ ame siwo nèkplɔ tso Egipte la, yi anyigba si ŋugbe medo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi, elabena megblɔ be, ‘Matsɔ anyigba sia ana miaƒe dzidzimeviwo.’
2 我要差遣使者在你前面,撵出迦南人、亚摩利人、赫人、比利洗人、希未人、耶布斯人,
Madɔ Mawudɔla aɖe ɖa wòakplɔ mi, eye manya Kanaantɔwo, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ɖa le anyigba la dzi.
3 领你到那流奶与蜜之地。我自己不同你们上去;因为你们是硬着颈项的百姓,恐怕我在路上把你们灭绝。”
Enye anyigba aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’ Ke nyemazɔ kpli mi o, elabena mienye dukɔ kɔlialiatɔwo kple setemanɔlawo, eye mava di be matsrɔ̃ mi le mɔa dzi.”
4 百姓听见这凶信就悲哀,也没有人佩戴妆饰。
Esi ameawo se ŋɔdzinya siawo la, wode asi konyifafa me, eye woɖe woƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi.
5 耶和华对摩西说:“你告诉以色列人说:‘耶和华说:你们是硬着颈项的百姓,我若一霎时临到你们中间,必灭绝你们。现在你们要把身上的妆饰摘下来,使我可以知道怎样待你们。’”
Yehowa gblɔ na Mose be wòagblɔ na Israelviawo be, “Mienye aglãdzelawo kple kɔlialiatɔwo. Ne menɔ mia dome aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ gɔ̃ hã la, matsrɔ̃ mi. Miɖe miaƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi va se ɖe esime maɖo kpe nu si mawɔ kpli mi la dzi.”
6 以色列人从住何烈山以后,就把身上的妆饰摘得干净。
Ale le nu sia megbe la, Israelviwo megado sikanu aɖeke le Horeb.
7 摩西素常将帐棚支搭在营外,离营却远,他称这帐棚为会幕。凡求问耶和华的,就到营外的会幕那里去。
Mose tua agbadɔ la ɣe sia ɣi ɖe adzɔge ʋĩi tso asaɖa la gbɔ. Ena ŋkɔe be, “Agbadɔ Hena Gododo Mawu.” Ame sia ame si di be yeaƒo nu kple Yehowa la yia afi ma.
8 当摩西出营到会幕去的时候,百姓就都起来,各人站在自己帐棚的门口,望着摩西,直等到他进了会幕。
Ne Mose yina agbadɔ la gbɔ la, ameawo katã tsia tsitre ɖe woƒe agbadɔwo nu, eye wonɔa Mose kpɔm va se ɖe esime wòaɖo agbadɔ la nu.
9 摩西进会幕的时候,云柱降下来,立在会幕的门前,耶和华便与摩西说话。
Ne ege ɖe agbadɔ la me la, lilikpo dodo aɖe ɖiɖina va nɔa agbadɔ la nu le esime Mawu ƒoa nu kple Mose.
10 众百姓看见云柱立在会幕门前,就都起来,各人在自己帐棚的门口下拜。
Ekema ameawo katã doa gbe ɖa eye wodea ta agu na lilikpo la le woƒe agbadɔwo nu.
11 耶和华与摩西面对面说话,好像人与朋友说话一般。摩西转到营里去,惟有他的帮手—一个少年人嫩的儿子约书亚不离开会幕。
Yehowa ƒoa nu kple Mose ŋkume kple ŋkume le Mawu ƒe agbadɔ la me abe ale si xɔlɔ̃ ƒoa nu kple xɔlɔ̃ ene. Le esia megbe la, Mose trɔna vaa asaɖa la me, ke Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ɖekakpui si kpena ɖe eŋu la, nɔa agbadɔ la me.
12 摩西对耶和华说:“你吩咐我说:‘将这百姓领上去’,却没有叫我知道你要打发谁与我同去,只说:‘我按你的名认识你,你在我眼前也蒙了恩。’
Mose gblɔ na Yehowa le agbadɔ la me be, “Ègblɔna nam be, ‘Kplɔ dukɔ sia yi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ Ke mègblɔ ame si nàɖo ɖa kplim la nam o. Ègblɔ be yenyam kple nye ŋkɔ, eye yeƒe amenuveve la li kplim.
13 我如今若在你眼前蒙恩,求你将你的道指示我,使我可以认识你,好在你眼前蒙恩。求你想到这民是你的民。”
Ne esia le eme alea pɛpɛpɛ la, ekema meɖe kuku, fia wò mɔwom ale be mase wò ɖoɖowo gɔme, eye mawɔ nu si adze ŋuwò. Ɖo ŋku edzi be yeƒe dukɔe nye dukɔ sia.”
14 耶和华说:“我必亲自和你同去,使你得安息。”
Yehowa ɖo eŋu be, “Nye ŋutɔ mayi kpli mi, eye mana nu sia nu nadze edzi na mi.”
15 摩西说:“你若不亲自和我同去,就不要把我们从这里领上去。
Mose xɔ edzi be, “Ne mèle yiyi ge kpli mí o la, ekema mègana míaɖe afɔ ɖeka tso afi sia o.
16 人在何事上得以知道我和你的百姓在你眼前蒙恩呢?岂不是因你与我们同去、使我和你的百姓与地上的万民有分别吗?”
Ne mèyi kpli mí o la, ame kae akpɔ be wò amenuveve li kplim kple nye amewo? Ame kae akpɔ be míeto vovo tso dukɔ bubu ɖe sia ɖe si le anyigba dzi la gbɔ?”
17 耶和华对摩西说:“你这所求的我也要行;因为你在我眼前蒙了恩,并且我按你的名认识你。”
Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ɛ̃, mawɔ nu si nèbia la na wò, elabena vavã, nye amenuveve le dziwò, eye menya wò kple wò ŋkɔ.”
18 摩西说:“求你显出你的荣耀给我看。”
Mose bia Mawu be wòana yeakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe.
19 耶和华说:“我要显我一切的恩慈,在你面前经过,宣告我的名。我要恩待谁就恩待谁;要怜悯谁就怜悯谁”;
Yehowa ɖo eŋu be, “Mana nye ŋutikɔkɔe nato wò ŋkume ayi. Maɖe gbeƒã nye ŋkɔ Yehowa kple eƒe gɔmesese le ŋgɔwò. Mevea ame si nu medi be mave la nu, eye mekpɔa nublanui na ame si medi be makpɔ nublanui na.
20 又说:“你不能看见我的面,因为人见我的面不能存活。”
Ke màkpɔ nye ŋkume ya o, elabena ame aɖeke makpɔ nye ŋkume, eye wòaganɔ agbe o.
21 耶和华说:“看哪,在我这里有地方,你要站在磐石上。
Tsi tsitre ɖe agakpe sia dzi le gbɔnye.
22 我的荣耀经过的时候,我必将你放在磐石穴中,用我的手遮掩你,等我过去,
Ne nye ŋutikɔkɔe tso eme va yina la, matsɔ wò ade agakpe la tome. Matsɔ nye asi atsyɔ dziwò va se ɖe esime matso eme.
23 然后我要将我的手收回,你就得见我的背,却不得见我的面。”
Ekema maɖe nye asi ɖa, eye nàkpɔ yonyeme. Màkpɔ nye ŋkume ya o.”

< 出埃及记 33 >