< 列王纪上 4 >

1 所罗门作以色列众人的王。
Ale Fia Solomo ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi.
2 他的臣子记在下面:撒督的儿子亚撒利雅作祭司,
Eƒe dumegãwoe nye: Azaria, Zadok ƒe vi nye nunɔla;
3 示沙的两个儿子以利何烈、亚希亚作书记,亚希律的儿子约沙法作史官,
Elihoref kple Ahiya, Sisa ƒe viwo nye nuŋlɔlawo; Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye ame si ŋlɔa takpekpemenyawo dana ɖi eye wòkpɔa nu xoxowo dzi;
4 耶何耶大的儿子比拿雅作元帅,撒督和亚比亚他作祭司长,
Benaya, Yehoiada ƒe vi nye aʋafia na dukɔ la; Zadok kple Abiata nye nunɔlawo.
5 拿单的儿子亚撒利雅作众吏长,王的朋友拿单的儿子撒布得作领袖,
Azaria, Natan ƒe vi nye dukɔ la ƒe dɔnunɔlawo ƒe tatɔ; Zabud, Natan ƒe vi nye nunɔla na Fia la ŋutɔ eye wòganye Fia la xɔlɔ̃ tɔxɛ;
6 亚希煞作家宰,亚比大的儿子亚多尼兰掌管服苦的人。
Ahisa kpɔa fiasã la ƒe nuwo dzi kple fiasã la me nyawo gbɔ; Adoniram, Abda ƒe vi kpɔa dudɔwɔwɔwo dzi.
7 所罗门在以色列全地立了十二个官吏,使他们供给王和王家的食物,每年各人供给一月。
Solomo gatia dzikpɔla wuieve ɖe Israel blibo la nu, ame ɖeka tso to ɖeka me, ame siwo ƒe dɔe nye be woadi nuɖuɖu na fiasã la me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa dɔ sia ɣleti ɖeka le ƒe sia ƒe me.
8 他们的名字记在下面:在以法莲山地有便·户珥;
Ame wuieve siawo kple teƒe siwo wodzɔa nuɖuɖu le la woe nye esiawo: Ben Hur dzɔa nu le Efraim ƒe tonyigba ŋu;
9 在玛迦斯、沙宾、伯·示麦、以伦·伯·哈南有便·底甲;
Ben Deker dzɔa nu le Makaz, Saalbim, Bet Semes kple Elon Betanan;
10 在亚鲁泊有便·希悉,他管理梭哥和希弗全地;
Ben Hesed dzɔa nu le Arubɔt kple Soko kple Hefernyigba blibo la dzi;
11 在多珥山冈有便·亚比拿达,他娶了所罗门的女儿她法为妻;
Ben Abinadab, ame si ɖe Solomo ƒe vinyɔnu, Tafat la dzɔa nu le Dor ƒe tonyigbawo dzi;
12 在他纳和米吉多,并靠近撒拉他拿、耶斯列下边的伯·善全地,从伯·善到亚伯·米何拉直到约念之外,有亚希律的儿子巴拿;
Bana, Ahilud ƒe vi dzɔa nu le Taanak, Megido, Bet Sean dzɔa nu le Zaretan gbɔ le Yezreel te kple anyigba si tso Betsan yi Abel Mehola heyi Yokmeam la dzi;
13 在基列的拉末有便·基别,他管理在基列的玛拿西子孙睚珥的城邑,巴珊的亚珥歌伯地的大城六十座,都有城墙和铜闩;
Ben Geber dzɔa nu le Ramot Gilead kple Yair, Manase ƒe vi ƒe kɔƒe, le Gilead kple Argob nutowo me le Basan kple du blaade siwo woɖo gli ƒo xlãe eye wode akɔbligbowo wo nu la me.
14 在玛哈念有易多的儿子亚希拿达;
Ahinadab, Ido ƒe vi dzɔa nu le Mahanaim;
15 在拿弗他利有亚希玛斯,他也娶了所罗门的一个女儿巴实抹为妻;
Ahimaaz, ame si ɖe Basemat, Solomo ƒe vinyɔnu bubu la dzɔa nu le Naftali;
16 在亚设和亚禄有户筛的儿子巴拿;
Bana, Husai ƒe vi, dzɔa nu le Aser kple Alɔt;
17 在以萨迦有帕路亚的儿子约沙法;
Yehosafat, Pania ƒe vi dzɔa nu le Isaka;
18 在便雅悯有以拉的儿子示每;
Simei, Ela ƒe vi dzɔa nu le Benyamin;
19 在基列地,就是从前属亚摩利王西宏和巴珊王噩之地,有乌利的儿子基别一人管理。
Geber, Uri ƒe vi dzɔa nu le Gilead kple anyigba siwo nye Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia kple Fia Ɔg, Basan fia tɔ tsã la dzi. Dɔdzikpɔla ɖeka kpɔa ame siawo kple woƒe dɔwo dzi.
20 犹大人和以色列人如同海边的沙那样多,都吃喝快乐。
Israel kple Yuda nye dukɔ si kpɔ kesinɔnu geɖe; woƒe amewo sɔ gbɔ eye dzidzeme nɔ anyigba la dzi.
21 所罗门统管诸国,从大河到非利士地,直到埃及的边界。所罗门在世的日子,这些国都进贡服事他。
Fia Solomo ɖu anyigba blibo la dzi tso Frat tɔsisi la to va yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi va tɔ Egiptetɔwo ƒe liƒo. Dukɔ siwo dzi wòɖu la, dzɔ nu nɛ eye wosubɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
22 所罗门每日所用的食物:细面三十歌珥,粗面六十歌珥,
Nuɖuɖu si Solomo hiã le fiasã la me gbe sia gbe woe nye wɔ memi kilolita ade kple afã, wɔ bubu, kilolita wuietɔ̃ kple afã,
23 肥牛十只,草场的牛二十只,羊一百只,还有鹿、羚羊、狍子,并肥禽。
nyitsu dami ewo siwo wonyi le nyikpo me, nyi blaeve siwo wonyi le gbeɖuƒewo, alẽ alafa ɖeka eye ɣe aɖewo ɣi la, wowɔa sẽ, zi, sãde kple xevi damiwo ŋu dɔ.
24 所罗门管理大河西边的诸王,以及从提弗萨直到迦萨的全地,四境尽都平安。
Fiaɖuƒe siwo katã nɔ Frat tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, tso Tifsa yi Gaza la nɔ Fia Solomo ƒe fiaɖuƒe me eye ŋutifafa nɔ anyigba blibo la dzi.
25 所罗门在世的日子,从但到别是巴的犹大人和以色列人都在自己的葡萄树下和无花果树下安然居住。
Le Fia Solomo ƒe agbenɔɣi blibo la me la, ŋutifafa kple dedinɔnɔ nɔ Yuda kple Israel siaa eye aƒe kple agble nɔ ƒome ɖe sia ɖe si.
26 所罗门有套车的马四万,还有马兵一万二千。
Tasiaɖamŋusɔ akpe ene, siwo wowɔ nɔƒe na, kple sɔdola akpe wuieve nɔ Fia Solomo si.
27 那十二个官吏各按各月供给所罗门王,并一切与他同席之人的食物,一无所缺。
Nuɖuɖudzikpɔla siawo dzɔa nuɖuɖu na Solomo kple eŋumewo ɣleti sia ɣleti
28 众人各按各分,将养马与快马的大麦和干草送到官吏那里。
eye wonaa ƒo kple aƒla fia la ƒe sɔwo hã.
29 神赐给所罗门极大的智慧聪明和广大的心,如同海沙不可测量。
Mawu na nunya blibo kple gɔmesese deto Solomo le mɔ geɖewo nu.
30 所罗门的智慧超过东方人和埃及人的一切智慧。
Eƒe nunya de ŋgɔ wu nunyala gã siwo tso Ɣedzeƒe kple esiwo tso Egipte la tɔwo.
31 他的智慧胜过万人,胜过以斯拉人以探,并玛曷的儿子希幔、甲各、达大的智慧。他的名声传扬在四围的列国。
Enya nu wu Etan, Ezrahitɔ la kple Heman, Kalkol kple Darda, ame siwo nye Mahol ƒe viwo. Exɔ ŋkɔ le dukɔ siwo ƒo xlãe la me.
32 他作箴言三千句,诗歌一千零五首。
Eto lododo akpe etɔ̃ vɛ eye wòkpa ha akpe ɖeka kple atɔ̃.
33 他讲论草木,自黎巴嫩的香柏树直到墙上长的牛膝草,又讲论飞禽走兽、昆虫水族。
Enya nu tso nu gbagbewo abe lãwo, xewo, dawo kple tɔmelãwo ene ŋu. Eganya nu tso atiwo hã ŋu, tso Lebanon ƒe sedati gãwo dzi va se ɖe kakle siwo tsina le gli dzedzewo me la ŋuti.
34 天下列王听见所罗门的智慧,就都差人来听他的智慧话。
Fiawo dɔa amewo tso anyigba geɖewo dzi ɖona ɖe egbɔ be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo tso egbɔ.

< 列王纪上 4 >