< 撒迦利亞書 3 >

1 [第四個神視:撒殫控告耶叔亞大司祭]以後上主使我看見大司祭耶叔亞,站在上主的使者面前,同時撒殫站在耶叔亞右邊控告他。
Le ŋutega bubu me la, Yehowa ɖe Yosua, nunɔlagã la fiam, wònɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe dɔla la gbɔ, evɔ Satana hã nɔ afi ma nɔ tsitre ɖe mawudɔla la ƒe nuɖusime nɔ Yosua nu tsom.
2 上主的使者對撒殫說:「惟願上主責斥你,撒殫! 惟願揀選耶路撒冷的上主責斥你。這不是由火中抽出來的一根木柴嗎﹖﹖」
Yehowa gblɔ na Satana be, “Yehowa ka mo na wò, Satana! Yehowa, ame si tia Yerusalem la ka mo na wò! Ɖe ame sia mele abe dzoti bibi si woɖe le dzo me la ene oa?”
3 那時耶叔亞身穿污穢的衣服,站在使者的面前。
Azɔ Yosua le awu ƒoɖiwo me le tsitre ɖe mawudɔla la gbɔ.
4 使者就吩咐那些立在他面前的說:「脫去他身上污穢的衣服! 」以後向他說:「看,我已脫去了你的罪過,給你穿上華麗的禮服。」
Mawudɔla la gblɔ na ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la be, “Miɖe awu ƒoɖi sia le eŋuti.” Etrɔ ɖe Yosua gbɔ gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, meɖe wò nu vɔ̃wo ɖa, eye azɔ la, mele awu yeye nyui siawo dom na wò.”
5 隨後接著吩咐說:「在他頭上纏上一條潔淨的頭巾! 」他們就在他頭上纏上了一條潔淨的頭巾,給他穿上了潔淨的禮服。那時,上主的使者,站在旁邊。
Tete megblɔ be, “Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ.” Ale wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wotsɔ awu do nɛ esi Yehowa ƒe dɔla la nɔ tsitre.
6 上主的使者便勸耶叔亞說:「
Yehowa ƒe dɔla la de se sia na Yosua,
7 萬軍的上主這樣說:如果你遵行我的道路,謹守我的法令,你便可以管理我的家,看守我的庭院;我必要使你在這些等立者中,自由出入。」
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Ne àzɔ le nye mɔwo dzi, alé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, ekema maɖo wò nye gbedoxɔ nu, ànye nye aƒedzikpɔla, eye mana nɔƒe wò ɖe ame siwo le tsitre ɖe afi sia la dome.
8 所以,大司祭耶叔亞,你且聽著:你和坐在你面前的同伴都是作預兆的人。攪,我必要使我的僕人「苖芽」生出。
“‘Miɖo to, O nunɔlagã Yosua kple wò kpeɖeŋutɔ siwo nɔ anyi ɖe ŋgɔwò, ame siwo nye nu siwo ava va eme la ƒe dzesi. Meyi makplɔ nye dɔla Atilɔ la vɛ.
9 看,這是我在耶叔亞面前安置的石頭,在這惟一的石頭上有七隻眼睛;看! 我要親自在石上刻上題名──萬軍上主的斷語──並且要在那一天除去地上的罪過。
Kpɔ kpe si metsɔ ɖo Yosua ŋkume la ɖa! Ŋku adre li na kpe ɖeka sia. Maŋlɔ nu ɖe kpe la dzi, eye maɖe anyigba sia ƒe nu vɔ̃ ɖa le ŋkeke ɖeka me,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
10 在那一天──萬軍上主的斷語──你們必要互相邀請自己的鄰里,到葡萄樹和無花果樹下。
“‘Gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe akpe ehavi be wòava nɔ eƒe wainka kple gboti te.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”

< 撒迦利亞書 3 >