< 撒迦利亞書 13 >

1 在那一天,為達味家和耶路撒冷的居民將開放一個水泉,為洗滌罪過和不潔。
“Gbe ma gbe la, vudo aʋu na David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo be woaklɔ wo ŋuti tso vɔ̃ kple ɖiƒoƒowo katã me.
2 在那一天,──萬軍的上主的斷語──我要由地上剷除一切偶像的名號,不再為人所記念;並且我還要將假先知們和不潔的神由地上滅絕。
“Gbe ma gbe la, maɖe legbawo katã ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba la dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ gbeɖe o.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Maɖe nyagblɔɖilawo kple makɔmakɔnyenye ƒe gbɔgbɔ ɖa le anyigba la dzi.
3 將來如果有人還要冒充先知,生養他的父母必要對他說:你不能生存,因為你藉上主的名字說了謊話。生養他的父母就在他說妙語時,要把他刺死。
Ne ame aɖe aganɔ nya gblɔm ɖi la, fofoa kple dadaa, ame siwo dzii la agblɔ nɛ be, ‘Èdze na ku, elabena ègblɔ aʋatsonyawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me.’ Ke ne egblɔ nya ɖi la, edzilawo ŋutɔ atɔ hɛe wòaku.
4 在那一天,每個假先知,在他說妙語時,必因自己的神視感到羞慚;他們必不再穿毛外氅,去行欺騙;
“Gbe ma gbe la, nyagblɔɖila ɖe sia ɖe ƒe ŋutega si wòakpɔ la akpe ŋu nɛ. Magado nyagblɔɖilawo ƒe awu si wowɔ kple ɖa la be wòable amewo o.
5 他反要說:我不是先知,我是一個種田的人,因為我自幼就以務農為業。
Agblɔ be, ‘Menye nyagblɔɖilae menye o: agbledelae menye. Tso nye ɖekakpuime ke, mekpɔa nye nuɖuɖu tso anyigba me.’
6 若有人問他說:怎麼在你兩手上有這些傷痕﹖他要答說:那是我在愛我的人家裏所受的傷。
Ne ame aɖe abiae be, ‘Nu ka ƒe abiwoe nye esiwo le ŋutiwò?’ la, aɖo eŋu be, ‘Mexɔ abi siawo le xɔ̃nyewo ƒe aƒe me!’
7 刀劍,起來攻擊我的牧人,攻擊那作我同伴的人──萬軍上主斷語。打擊牧人,羊群就要四散,然而我要向弱小的羊伸出我的手。
“O yi, nyɔ, nàtso ɖe nye alẽkplɔla la ŋu, ɖe ame si tsɔ ɖe gbɔnye kpokploe la ŋu!” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Xlã nu ɖe alẽkplɔla la, alẽawo aka ahlẽ, eye matrɔ nye asi ɖe suetɔwo ŋu
8 將來在全國──上主的斷語──三分之二必被剷除而死去,其中只留下三分之一。
le anyigba blibo la dzi.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Woaxlã nu ɖe akpa etɔ̃awo ƒe eve woaku, eye akpa etɔ̃awo ƒe ɖeka atsi afi ma.
9 我要使這三分之一經過火煉,煉淨他們如同煉淨銀子,試驗他們如同試驗金子。 他們必要呼號我的名字我也必要俯聽他們;我要說:「這是我的百姓。」他們每人也要說:「上主是我的天主」。
Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me, maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene, eye mado wo kpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be, ‘Wonye nye amewo’ Woawo hã agblɔ be, ‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’”

< 撒迦利亞書 13 >