< 撒迦利亞書 10 >

1 到春雨的時節,你們應向上主求雨,上主必興起雷電,降下傾盆大雨,賜人食糧,使田間生出青草,
Mibia Yehowa wòana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, elabena Yehowae nana tsi ɖona. Enana tsi dzana na amewo, eye wònana nukuwo miena ɖe bo dzi na ame sia ame.
2 因為「忒辣芬」所講的只是謊言,占卜者所見的只是虛幻,所報告的只是幻夢,只會以空言安慰人;為此,民眾流離失所,有如沒有牧人的羊群。
Legbawo blea ame, bokɔnɔwo kpɔa ŋutega siwo mele eteƒe o, wokua drɔ̃e siwo nye aʋatso, eye wogblɔa akɔfanya siwo mevaa eme o. Eya ta ameawo le tsaglalã tsam abe alẽ siwo wote ɖe anyi la ene, elabena kplɔla mele wo si o.
3 我的怒火必要向牧人發作,我必要懲罰公山羊,因為萬軍的上主將要看顧自己的羊群──猶大家,使他們有如自己戰埸上的駿馬。
“Nye dɔmedzoe bi ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mahe to na kplɔlawo, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la akpɔ Yuda ƒe aƒe, eƒe alẽha la ta, eye wòawɔ wo woanɔ abe sɔ si ŋu ŋusẽ le le aʋagbedzi ene.
4 角石是出於衪,幕樁是出於衪,戰弓是出於衪,而且所有的首領也是出於衪。
Dzogoedzikpe atso Yuda ava, eye tsyoti, dati siwo ŋu dɔ wowɔna le aʋa me kple dziɖula ɖe sia ɖe atso Yuda ava.
5 他們全如勇士,在戰埸上踐踏敵人,有如踐踏街上的泥濘;他們必要得勝,因為上主與他們同在;騎馬的人反要慚愧!
Wo katã woabɔ asaɖa abe ŋutsu kalẽtɔ siwo le zɔzɔm le bamɔtatawo dzi le aʋagbedzi ene, elabena Yehowa li kpli wo, woawɔ aʋa, aɖu sɔdolawo dzi.
6 我要使猶大家強健盛,使若瑟家勝利;我要使他們復興,因為我憐憫了他們,他們必好像我從未放逐過他們一樣:因為我是上主他們的天主,我必要應允他們。
“Mado ŋusẽ Yuda ƒe aƒe, eye maɖe Yosef ƒe aƒe, magbugbɔ wo agaɖo te, elabena mekpɔ nublanui na wo. Woanɔ abe ɖe nyemegbe nu le wo gbɔ kpɔ o ene, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la, eye matɔ na wo.
7 厄弗辣因人要如勇士,他們的心必像飲了那樣喜樂;他們的子孫見了也要喜樂,他們的心必歡樂於上主。
Efraimtɔwo ava nɔ abe ŋutsu kalẽtɔwo ene, eye woƒe dziwo akpɔ dzidzɔ abe wain wono ene. Wo viwo akpɔe, woatso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu.
8 我要向他們吹哨,聚集他們,因為我解救了他們;他們的人數眾多,必如昔日一樣。
Mana dzesi wo, eye maƒo wo nu ƒu, maɖe wo vavã, eye woagasɔ gbɔ abe tsã ene.
9 我雖曾將他們分散到各異民中,但他們在遠方仍懷念著我,養大自己的兒子,然後歸來。
Togbɔ be mekaka wo ɖe amewo dome hã la, woaɖo ŋku dzinye le anyigba didi mawo dzi. Wo kple wo viwo atsi agbe, eye woagatrɔ agbɔ.
10 我要從埃及地領他們出來,由亞述聚集他們,領他們到基肋阿得地和黎巴嫩,但此地仍然為他們不夠。
Makplɔ wo agbɔe tso Egipte, eye maƒo wo nu ƒu tso Asiria; makplɔ wo va Gilead kple Lebanon, eye womakpɔ teƒe anɔ gɔ̃ hã o.
11 他們要渡過埃及海,擊打海中的波浪,使河底乾涸;亞述的高傲必要受挫,埃及的權杖必被奪去。
Woato nuxaxa ƒe atsiaƒu me, ke woaɖu ƒu dzeagbowo dzi, eye Nil tɔsisi ƒe gogloƒewo aƒu kplakplakpla. Woaŋe kɔ le Asiria ƒe dada nu, eye woaɖe Egipte ƒe fiatikplɔ ɖa.
12 他們的力量全在於上主,他們必以衪的名號為自己的光榮。
Mado ŋusẽ wo le Yehowa me, eye eƒe ŋkɔ me woazɔ le.” Yehowae gblɔe.

< 撒迦利亞書 10 >