< 雅歌 8 >

1 萬望你的兄弟,吮過我母親的乳房,好叫我 外邊遇見你時,能親吻你,而不致受人輕視。
Ɖe nànɔ nam abe nɔviŋutsu si no danye ƒe no la ene! Ekema ne medo go wò le kpɔdome la, magbugbɔ nu na wò, eye ame aɖeke mado vlom o.
2 我要引領你走進我母親的家,進入懷我者的內室;給你喝調香的美酒,石榴的甘釀
Makplɔ wò adzoe, ayi ɖe danye, ame si fia num la ƒe aƒe me. Mana wain si me wode atike ʋeʋĩi kple atɔtɔŋutitsi la wò nàno.
3 他的左手在我頭下,他的右手緊抱著我。◆新郎:
Eƒe miabɔ le nye ta te, eye wòtsɔ eƒe ɖusibɔ kpla kɔ nam.
4 耶路撒冷女郎! 我懇求妳們,不要驚醒,也不要喚我的愛,讓她自便吧![第六幕:愛情的圓滿]◆耶京女郎:
Yerusalem vinyɔnuwo, meta mi: migaʋuʋu alo mianyɔ lɔlɔ̃ o, va se ɖe esi eya ŋutɔ nalɔ̃ hafi.
5 從曠野裏上來,那依偎著自己的愛人的,是誰﹖◆新郎:在蘋果樹下我喚醒了妳,在那裏妳的母親懷孕了妳,在那裏生養妳的,為妳受了產痛。◆新娘:
Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe, eye wòziɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔ ŋu? Menyɔ wò le apluti te; afi mae dawò fɔ wò fu le, afi mae ame si le ku lém la dzi wò ɖo.
6 請將我有如印璽,放在你的心上,有如印璽,放在你肩上,因為愛情猛如死亡,妒愛頑如陰府:它的火焰,是上主的火焰。◆新郎: (Sheol h7585)
Lém ɖe wò dzi kple wò abɔ ŋuti abe nutrenu ene. Elabena lɔlɔ̃ sesẽ wu ku, eye ŋuʋaʋã gbea tanana abe yɔdo ene. Ebina abe dzo ene, eye wòflana abe Yehowa ƒe dzo ene. (Sheol h7585)
7 洪流不能熄滅愛情,江河不能將它沖去,如有人獻出全副家產想購買愛情,必受人輕視。◆新娘兄弟:
Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ ƒe dzo o, eye tɔsisi aɖeke mate ŋu akplɔe dzoe o. Ne ame aɖe atsɔ eƒe aƒemekesinɔnuwo katã ana ɖe lɔlɔ̃ ta la, anye alɔmeɖenu wòawɔ.
8 我的妹妹尚小,還沒有乳房;到了她議婚之日,為我們的妹妹,我們將作什麼﹖
Nɔvinyɔnu ɖetugbivi aɖe le mía si mekpɔ te no haɖe o. Nu ka míawɔ na mía nɔvinyɔnu la gbe si gbe woava bia eta?
9 她若是牆,我們就在上面建造銀堵,她若是門,我們就用香柏木閂來關鎖。◆新娘:
Nenye glie wònye la, míatsɔ klosalo atu xɔ tsrala ɖe edzi. Nenye agboe wònye la, míatsɔ sedaʋuƒowo aklã ɖe eŋuti godoo.
10 我是一道牆,我的乳房如同塔。我在他眼裏,實如獲得和平的女郎。◆新娘兄弟:
Menye gli, eye nye nowo le abe xɔ tsralawo ene. Ale mele eƒe ŋkume abe ame si tsɔ dzidzeme vɛ la ene.
11 撒羅滿在巴耳哈孟有個葡萄園,他將這葡萄園委托給看守的人;每人為園中的果子,應交一千兩銀子。◆新郎:
Waingble le Solomo si le Baal Hamon; eye wòtsɔ agble la de asi na agbledzikpɔlawo, be wo dometɔ ɖe sia ɖe nana klosalo kilogram wuiɖekɛ kple afã ɖe waintsetseawo ta.
12 那屬我的葡萄園,就在我面前;撒羅滿! 一千兩銀子歸你,二百兩歸看守果子的人。◆新郎:
Nye ŋutɔ nye waingble le asinye be matsɔ ana; O Solomo, klosalo kilogram wuiɖekɛ kple afã la nye tɔwò, eye kilogram eve kple afã nye agbledzikpɔlawo tɔ.
13 妳這住在果園中的女郎,願妳使我聽到妳的聲音! 同伴們都在等候細聽。◆新娘:
Wò ame si le abɔwo me, eye xɔlɔ̃wo ƒo xlã wò, na mase wò gbe!
14 我的愛人! 願你仿效郁香山上的羚羊或幼鹿,趕快跑來!
Nye lɔlɔ̃tɔ, si va, eye nànɔ abe sãde alo zivi si le gbe ʋeʋĩwo ƒe towo dzi la ene.

< 雅歌 8 >