< 雅歌 6 >

1 ◆耶京女郎: 妳這女中極美麗的啊! 妳的愛人往那裏去了﹖妳的愛人轉向何處去了﹖妳讓我們同妳一起去尋找﹖◆新娘:
Tugbewo ƒe fia, afi ka wò lɔlɔ̃tɔ yi? Mɔ ka wò lɔlɔ̃tɔ to, ne míakpe ɖe ŋuwò adii?
2 我的愛人到自己的花園,到香畦去了,好在花園中牧羊,採百合花。
Nye lɔlɔ̃tɔ yi ɖe eƒe abɔ me; eyi atike ʋeʋĩwo ƒe bo dzi, ne wòatsa le wo me agbe dzogbenyawo.
3 我屬於我的愛人,我的愛人屬於我,他在百合花間,牧放他的羊群。◆新郎:
Nye lɔlɔ̃tɔ nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ; ele tsa ɖim le dzogbenyawo dome.
4 我的愛卿! 妳美麗有如提爾匝,可愛有如耶路撒冷,莊嚴有如整齊的軍旅。
Nye dzi lɔlɔ̃a, èdze tugbe abe Tirza ene, ènya kpɔ abe Yerusalem ene, eye fianyenye le ŋutiwò abe asrafoha siwo lé aflaga ɖe asi ene.
5 轉過妳的眼去,不要看我,因為妳的眼使我迷亂;妳的頭髮猶如由基肋阿得山下來的一群山羊。
Ɖe wò ŋku ɖa le ŋunye; wowu gbɔgblɔ nam, wò taɖa le abe gbɔ̃ha siwo ɖi tso Gilead to dzi la ene.
6 妳的牙齒像一群浴後上來的母綿羊,都懷有雙胎,沒有不生育的。
Wò aɖuwo fu abe alẽha siwo tso tsileƒe ene. Wo katã wole zɔzɔm eveve, eye ɖeke metsi akogo o.
7 妳隱在面紗後的兩頰,有如分裂兩半的石榴。
Wò tonuƒui le dzedzem le moxevɔ me abe atɔtɔ si woma ɖe eve la ene.
8 皇后六十,嬪妃八十,少女無數:
Fiasrɔ̃wo le blaade, ahiãviwo le blaenyi, hekpe ɖe ɖetugbi dzadzɛ siwo mele xexlẽme o la ŋuti;
9 但是,我的鴿子,我的完人,只有一個,她是生養她者的愛女;少女見了她,都稱她有福;皇后與嬪妃,也都讚揚她。◆耶京女郎:
gake nye ahɔnɛ si de blibo si le tɔxɛ, dadaa ƒe vinyɔnu ɖeka hɔ̃ɔ lae nye ame si nye dzila ƒe malɔ̃nulegbɔa. Ɖetugbiawo kpɔe, eye woyɔe be yayratɔ; fiasrɔ̃wo kple ahiãviawo hã kafui.
10 「那上升如晨曦,美麗如月亮,光耀如太陽,莊嚴如整齊軍旅的,是誰﹖」[第五幕:愛情的享受]◆新娘:
Ame kae nye esi le dzedzem abe agudzedze ene, nyo abe ɣleti ene, le keklẽm abe ɣe ene, eye wòle zɔzɔm fiatɔe abe ɣletiviwoe le asaɖa bɔm ene?
11 我下到核桃園中,要欣賞谷中的新綠,看看葡萄樹是否發了芽,石榴樹是否開了花﹖
Meyi ɖe azitiwo te, ne makpɔ gbe fɛ̃ siwo le balime, ne makpɔe ɖa be wainkawo te tsetse alo yevuzitiwo ƒo se mahã.
12 我的熱誠摧促我登上了我民主上的御駕。
Hafi mava nya la, nye didi kplɔm yi ɖe nye dukɔ ƒe fia ƒe tasiaɖamwo dome.
13 耶京女郎:1. 歸來,歸來! 叔拉米特! 歸來,歸來! 讓我看看妳! 妳們要看叔拉米特什麼﹖看她在兩隊中舞蹈。◆甲:
Trɔ va, trɔ va, O Sulamitɔ trɔ va, trɔ va, be míalé ŋku ɖe ŋuwò sẽe! Nu ka ta miebe míalé ŋku ɖe Sulamitɔ ŋu abe ale si miewɔna ne wole Mahanaim ɣe ɖum la ene?

< 雅歌 6 >