< 雅歌 1 >

1 [第一幕:互相傾幕]雅歌,撒羅滿作。◆新娘:
Solomo ƒe hawo ƒe ha.
2 願君以熱吻與我接吻! 因為你的愛撫甜於美酒。
Tsɔ wò nu gbugbɔ nu nam, elabena wò lɔlɔ̃ doa dzidzɔ nam wu wain.
3 你的香氣芳怡人,你的令名香液四射,為此少女都愛慕你。
Wò ami ʋeʋĩ si nèsi la le ʋeʋẽm ɖem nyuie; wò ŋkɔ le abe ami si wowu la ene. Mewɔ nuku be ɖetugbiwo lɔ̃ wò nenema gbegbe o!
4 願你拉著我隨你奔跑! 君王,願你引我進你的內室;我們都要因你歡樂踴躍,讚歎你那詌於酒的愛撫;怪不得眾少女都愛慕你!
Kplɔm ɖe asi, na míaɖe abla! Fia la nekplɔm yi eƒe xɔ mee. Míatso aseye, akpɔ dzidzɔ ɖe ŋutiwò, eye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wain. Ele eteƒe be wole lɔ̃wòm alea!
5 耶路撒冷女郎! 我雖黑,郤秀麗,有如刻達爾的帳棚,又似撒耳瑪的營幕。
O! Yerusalem vinyɔnuwo, ame yie menye, ke menyo abe Kedar ƒe agbadɔwo kple Solomo ƒe agbadɔ ƒe mɔnuvɔwo ene.
6 你們不要怪我黑,是太陽曬黑了我。我母親的兒子向我發怒,派我去看守葡萄園,我郤沒有去看守。
Mègate ŋku nɔ kpɔyem, elabena menyo o; nyae be ɣee ɖum menyɔ alea. Danyevi ŋutsuwo do dɔmedzoe ɖe ŋunye, eye wona mekpɔ woƒe waingblewo dzi, ke megblẽ nye ŋutɔ nye waingble ya ɖi.
7 我心愛的! 請告訴我:你在那兒放羊﹖中午又在那兒臥羊﹖別令我在你伴侶的羊群間,獨自徘徊!◆耶京女郎:
Gblɔe nam, wò ame si melɔ̃na, afi ka nènyia wò lãhawo le, eye ne ŋdɔ ʋu la, afi ka nènana wotsyɔa akɔ ɖo? Nu ka ŋuti manɔ abe nyɔnu si tsyɔ nu ŋkume ene le xɔ̃wòwo ƒe lãhawo gbɔ?
8 女中的佳麗! 妳若不知道,出去跟蹤羊群的足跡,靠近牧人的帳棚,牧放妳的小羊。◆新郎:
Wò, tugbewo ƒe fia, ne mènyae o la, do afɔ na alẽhawo, eye nànyi wò gbɔ̃viwo le lãkplɔlawo ƒe agbadɔwo gbɔ.
9 我的愛卿! 我看妳好似牝馬,套在法郎的御車上。
Nye lɔlɔ̃tɔ, metsɔ wò sɔ kple sɔnɔ si wotsi ɖe Farao ƒe tasiaɖam ɖeka ŋuti.
10 妳的雙頰配以耳環,妳的頸項繞以珠鏈,何其美麗!
Togɛ si nède la wɔe be wò alɔgo nya kpɔ nyuie, eye kɔga siwo nède la hã dze wò.
11 我們要為妳製造金鏈,嵌上銀珠。◆新娘:
Míawɔ sikatogɛwo na wò, eye woawɔ klosalokpɛviwo ɖe ete.
12 君王正在坐席的時候,我的香膏已放出清香。
Esi fia la le nuɖukplɔ̃ ŋu la, nye ami ʋeʋĩe le ya ɖem.
13 我的的愛人有如沒藥囊,常繫在我的胸前;
Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe lifigoe le nye akɔnu ene.
14 我的愛人有如鳳仙花,生在恩革狄葡萄園中。◆新郎:
Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe henaseƒoƒo si wogbe hebla tso En Gedi waingble me ene.
15 我的愛卿,妳多麼美麗! 妳的雙眼有如鴿眼。◆新娘:
Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo! O, aleke nènya le kpɔkpɔm ale! Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛtɔwo ene.
16 我的愛人,你多麼英俊,多麼可愛! 我們的未床榻,是青綠的草地。◆新郎:
Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze ɖeka ŋutɔ! O, aleke nèhedze ɖekae nye esi! Míaƒe aba de ama nyuie.
17 香松作我們的屋樑,扁柏作我們的屋椽。
Míaƒe xɔ ƒe daɖedziwo nye sedatiwo, eye míaƒe xɔ ƒe dzisasãwo nye vɔvɔli.

< 雅歌 1 >