< 路得記 2 >
1 納敖米的丈夫厄里默肋客家族中有個親人,是有錢有勢的人,名叫波阿次。
Naomi srɔ̃, Elimelek nɔviŋutsu aɖe nɔ Betlehem, ame si ŋkɔe nye Boaz, eye wònye kesinɔtɔ gã aɖe.
2 摩阿布女子盧德對納敖米說:「讓我到田裏去,我在誰眼中蒙恩,就在誰後面拾麥穗。」納敖米答應她說:「我女,你去罷! 」
Gbe ɖeka la, Rut gblɔ na Naomi be, “Medi be mayi dɔmenyotɔ aɖe ƒe agble ne mafɔ nuku si nuxalawo gblẽ ɖi la va aƒe me.” Naomi gblɔ be, “Enyo; heyi.”
3 她就去了,來到田間,在收割人的後面拾麥穗。可巧,她正來到了厄里默肋客家族人波阿次的田地裏。
Ale Rut yi. Nukutɔe la, agble si me wòyi la nye Boaz, ame si nye Naomi srɔ̃, Elimelek ƒe ƒometɔ la tɔ.
4 當時波阿次也正從白冷來到,向收割的人說:「願上主與你們同在! 」他們回答他說:「願上主祝福你! 」
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Boaz tso Betlehem va agble la, eye wòdo gbe na dɔwɔlawo be, “Yehowa nanɔ anyi kpli mi!” Woɖo eŋu be, “Yehowa nayra wò!”
5 波阿次問監督收割的僕人說:「這是誰家的女子﹖」
Boaz bia eƒe dɔwɔlawo dzi kpɔla be, “Ɖetugbi kae nye ema?”
6 監督收割的僕人答說:「是那由摩阿布鄉間與納敖米歸來的摩阿布女子。
Dzikpɔla la ɖo eŋu be, “Ɖetugbi si tso Moabnyigba dzi va kple lɔ̃xoa, Naomi lae.
7 她事先請求過:請讓我在收割的人後面拾取麥穗。她來到這裏,從早晨到現在,從未休息片刻。」波阿次厚待盧德
Ebia mɔm ŋdi sia be yeafɔ nuku siwo ge le nuku bablawo me, eye esia dzi ko wòle tso ŋdi ke, fifia koe wòle ɖiɖim ɖe eme vie le vɔvɔli ma te.”
8 波阿次對盧德說:「我女,你聽我的話,你不要到別人的田裏去拾取,也不要離開這裏,要常同我的使女在一起。
Boaz gblɔ na Rut be, “Vinye, ɖo tom; mègayi ɖafɔ nuku siwo nuxalawo gblẽ ɖi la le agble bubu aɖeke me o, eye mègadzo le afi sia hã o. Lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu.
9 你看僕人們在那塊田裏收割,你就跟著去,我已吩咐了僕人們不要難為你。你渴了,可到水罐那裏去喝僕人打來的水。」
Lé ŋku ɖe afi si ŋutsuawo le nuku xam le la ŋu, eye nàdze nye dɔlanyɔnuwo yome. Mede se na ŋutsuawo be womaɖe fu aɖeke na wò o, eye ne tsikɔ le wuwòm la, yi nàku tsi le ze siwo me ŋutsuawo ku tsi ɖo la me nàno.”
10 盧德遂俯首至地,向他下拜說:「我怎樣竟蒙你如此垂青,眷顧我這外方的女子﹖」
Nya siawo sese na Rut de ta agu, tsyɔ mo anyi, eye wògblɔ be, “Nu kae na nètsɔ ɖe le nye nya me? Nu ka ta nève amedzro aɖe nu ale ɖo?”
11 波阿次答覆她說:「自你丈夫死後,你怎樣待了你的婆婆,以及你怎樣離開了你的父母和故鄉,來到這素不相識的民族中;這一切事,人家都一一告訴了我。
Boaz ɖo eŋu be, “Mese nu siwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò tso esime srɔ̃a ku. Menya nu tso ale si nègblẽ fofowò, dawò kple mia de ɖi kple ale si nèva le ame siwo mènya tsã o dome la ŋu.
12 願上主報答你的功德,願你投奔於他翼下的上主,以色列的天主,賜與你的報答是豐富的! 」
Yehowa naɖo nyui si nèwɔ la teƒe na wò. Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si gbɔ nèva le sitsoƒe dim le la naɖo eteƒe na wò.”
13 盧德答說:「我主,我連你的一個婢女都不如,竟在你眼裏蒙恩,你竟安慰我,對你的婢女說出這樣動心的話! 」
Rut ɖo eŋu be, “Akpe na wò, nye aƒetɔ. Èkpɔ nublanui nam ŋutɔ, èna nye dzi dze eme ɖe ale si nèƒo nu nam lɔlɔ̃tɔe ta, togbɔ be nyemede wò subɔla aɖeke nu o hã.”
14 到了吃飯的時候,波阿次對她說:「你上前來吃餅,將你的餅浸在酸酒裏。」她就坐在收割的人旁,波阿次遞給了她烘焙的麥遂;她吃了,也吃飽了,還有剩下的。
Le ŋdɔnuɖuɣi la, Boaz yɔ Rut, eye wògblɔ nɛ be, “Va nàɖu nu kpli mí.” Rut nɔ dɔwɔlawo dome heɖu nu kpli wo ɖi ƒodo nyuie, eye nuɖuɖu si wonae la ƒe ɖe gasusɔ.
15 當她起來再拾取麥穗的時候,波阿次吩咐他的僕人說:「就連她在麥捆中拾取,你們有不要為難她;
Esi wògayi nukua fɔfɔ dzi la, Boaz gblɔ na nuxalawo be woana wòafɔ nukuawo le bablawo me, eye womegaxe mɔ nɛ kura o.
16 並且要從麥梱中,為她抽出些來,留下讓她拾取,不要叱責她。」
Kpe ɖe esia ŋu la, woalũ nuku aɖewo tso nuku babla me ada ɖe eŋgɔ be wòafɔ, eye womegabia nya aɖekee o.
17 她在田間拾取麥穗,直到晚上,將所拾的打了約有「一厄法」大麥。盧德回家
Ale Rut fɔ nuku siwo ge ɖe agblea dzi la va se ɖe fiẽ. Emegbe la, enyɔ lu siwo wòfɔ ƒo ƒu la, eye eƒe dzidzeme anɔ lita blaeve-vɔ-eve.
18 她就背著回城去,教她婆婆看看她的收獲;又將吃飽後剩下的東西,拿出來給了她。
Rut tsɔ lu la yi dua me, eye lɔ̃xoa kpɔ esi sinu wòte ŋu fɔ. Kpe ɖe esia ŋu la, Rut he nuɖuɖu si wòɖu la ƒe susɔe ɖe go, eye wòtsɔe nɛ.
19 她的婆婆問她說:「你今天在那裏拾麥穗,在那裏工作﹖願那眷顧你的人家蒙受祝福! 」她就告訴她婆婆,她在誰那裏工作,並且說:「我今天在他那裏工作的人,名叫波阿次。」
Lɔ̃xoa biae be, “Afi ka tututue nèfɔ nuku le egbea? Afi ka nèwɔ dɔ le egbea? Woayra ŋutsu si ve nuwò alea!” Ale Rut gblɔ ame si ƒe agble me wòwɔ dɔ le la na lɔ̃xoa. Egblɔ nɛ be, “Ŋutsu si gbɔ mewɔ dɔ le egbe la ƒe ŋkɔe nye Boaz.”
20 納敖米對她的兒媳說:「願那位從未忘卻對生者死者施慈愛的上主祝福這人! 」納敖米又向她說:「這人是我們的親人,且是有至親義務的人。」
Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be, “Yehowa neyrae! Medzudzɔ agbagbeawo kple kukuawo nu veve kpɔ o. Ŋutsu la nye míaƒe ƒometɔ ŋutɔŋutɔ, eye wònye ƒometɔ siwo wòle be woakpɔ mía dzi la dometɔ ɖeka.”
21 摩阿布女子盧德接著說:「並且他還對我說過:你要常同我的僕人在一起,直到收完我的莊稼。」
Rut, Moab nyɔnu la yi edzi be, “Egblɔ nam gɔ̃ hã be magava, eye manɔ nuxalawo yome kplikplikpli va se ɖe esime woawu nukuawo xaxa le agble blibo la me nu.”
22 納敖米向自己的兒媳盧德說:「我女,你更好跟著他的使女去罷! 免得在別人的田裏受難為。」
Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia Rut be, “Vinyenyɔnu, anyo na wò be nànɔ eƒe nyɔnuviwo ŋu, elabena ne èyi ame bubu aɖe ƒe agble me la, ɖewohĩ woava wɔ nuvevi wò.”
23 盧德就緊隨著波阿次的使女拾麥穗,直到收完了大麥和小麥。盧德時常與自己的婆婆住在一起。
Ale Rut lé eɖokui ɖe Boaz ƒe dɔlanyɔnuwo ŋu henɔ nukuwo fɔm va se ɖe esime lu kple ƒo ŋeɣi wu enu, eye wònɔ lɔ̃xoa gbɔ.