< 詩篇 94 >

1 上主,您是伸冤的天主,伸冤的天主,求您顯出!
O! Yehowa, Mawu si biaa hlɔ̃, O! Mawu si biaa hlɔ̃, klẽ.
2 審判大地的天主,請您起來!給驕傲人施以應得的禍災!
Tso, o xexea me ƒe Ʋɔnudrɔ̃la, ɖo nu si dadalawo wɔ la teƒe na wo.
3 上主,惡人洋洋得意,要到何時?歹徒沾沾自喜,要到何時?
O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi ame vɔ̃ɖi la atso aseye?
4 他們大言不慚,要到何時?作惡的人自誇,要到何時?
Wole nya tovowo gblɔm, eye dada yɔ ame vɔ̃ɖiwo katã me fũu.
5 上主,他們蹂躪您的百姓,他們磨難您的子民,
O! Yehowa, wogbã wò dukɔ la nyanyanya, wote wò domenyinu la ɖe to.
6 屠殺寡婦與旅客,將孤兒置於死地,
Wowu ahosiwo kple amedzrowo, eye wowu tsyɔ̃eviwo hã.
7 他們還說:上主看不見,雅各伯的天主決不管。
Wogblɔ be, “Yehowa mele ekpɔm o, Yakob ƒe Mawu la metsɔ ɖeke le eme o.”
8 民間的愚昧者!您們應該知悉,糊塗的人!您們何時才能明白?
Mikpɔ nyuie, mi gegeme siwo le dukɔ la me, mi bometsilawo, ɣe ka ɣi miadze nunya?
9 裝置耳朵的,難道自己聽不著?製造眼睛的,難道自己看不到?
Ɖe eya ame si wɔ to la mase nu oa? Ɖe eya ame si wɔ ŋku la makpɔ nu oa?
10 訓戒萬民者,難道自己不懲治?教導人類者,難道自己無知識?
Ɖe eya ame si hea to na dukɔwo la mahe to oa? Ɖe eya ame si fiaa nu ame la, ahiã na nunya?
11 上主認透人的思念,原來都是虛幻。
Yehowa nya amegbetɔ ƒe susu, eye wònya be tofloko ko wònye.
12 上主那些受您教訓的人,守您法律者是有福的的人,
O, Yehowa, woayra ame si nèhe to na, ame si nèfia nui tso wò se la me,
13 您叫他在患難獲享安穩,直到給惡人們掘下了陷阱。
eye nèna gbɔdzɔe tso dzɔgbevɔ̃eŋkekewo me, va se ɖe esime wòɖe ʋe na ame vɔ̃ɖiwo.
14 因為上主不拒絕自己的百姓,上主不遺棄自己的人民。
Elabena Yehowa magbe eƒe dukɔ la o, eye magblẽ eƒe domenyinu ɖi o.
15 原來公理必歸正義的人士,心地公正的人必追求公理。
Woagaɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi, eye ame siwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka la adze eyome.
16 誰肯奮起替我攻打行兇的人?誰肯站起替我抵抗作惡的人?
Ame ka atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu nam? Ame ka atsi tsitre ɖe nu tovo wɔlawo ŋu ɖe nunye?
17 若不是上主扶助我,我的靈魂已歸冥所。
Ɖe menye Yehowae kpe ɖe ŋunye o la, anye ne eteƒe madidi o la, manɔ ɖoɖoezizi me le tsiẽƒe.
18 我工在想說:我的腳步快要滑倒。上主,您就以您的仁慈來扶助我。
Esi medo ɣli be, “Nye afɔ le ɖiɖim” la, wò lɔlɔ̃, O! Yehowa, de megbe nam.
19 憂愁焦思雖然齊集我的心神,您的安慰卻舒暢了我的靈魂。
Esi dzitsitsi yɔ menye la, wò akɔfaname he dzidzɔ vɛ na nye luʋɔ.
20 若有人冒充法律,製造苦惱,不義的法庭,豈能與您相好?
Ɖe fiazikpui madzɔmadzɔ si hea hiãkame vɛ to eƒe sededewo me la ate ŋu ade ha kpli wòa?
21 他們殘害義人的性命,判決無辜人的流血刑。
Wowɔa ɖeka ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu, eye wotsoa kufia na ame maɖifɔ.
22 然而上主必定作堡壘,我的天主作我避難的磐石。
Gake Yehowae nye nye mɔ sesẽ, nye Mawu kple agakpe si nye nye sitsoƒe.
23 祂必以他們罪過來報復他們;必要用他們的凶惡來消滅他們,上主我們的天主必要消滅他們。
Aɖo woƒe nu vɔ̃wo teƒe na wo, eye wòatsrɔ̃ wo le woƒe vɔ̃ɖinyenye ta, ɛ̃, Yehowa, míaƒe Mawu la atsrɔ̃ wo.

< 詩篇 94 >