< 詩篇 75 >

1 阿撒夫的詩歌,交與樂官。 我們感謝您,上主,我們感謝您,稱頌您的名號,傳揚您的奇蹟。
Asaf ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. O! Mawu, míeda akpe na wò, míeda akpe na wò, elabena wò ŋkɔ tsɔ ɖe mía gbɔ, eye amewo le wò nukunuwo xlẽm fia.
2 我規定的日期一旦來臨,我必定要依照公道行審。
Ègblɔ be, “Meɖo ɣeyiɣi da ɖi, elabena nyee adrɔ̃ ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye me.
3 大地和眾居民嚇得動搖,但我必使大地支柱堅牢。
Ne anyigba kple edzinɔlawo ʋuʋu kpekpekpe la, nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe asi sesĩe. (Sela)
4 我對蠻橫者說:不要再蠻橫跋扈!我向糊塗人說:不要再頭角高露!
Megblɔ na ɖokuiŋudzelawo be, ‘Midzudzɔ dada,’ eye na ame vɔ̃ɖi be, ‘Mègakɔ wò dzo ɖe dzi o.
5 不要舉您們的角,反抗至高者,不要再說驕傲的話反抗天主!
Mègakɔ wò dzowo ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu o, eye mègahe ve hafi nànɔ nu ƒom o.’”
6 的確,救援不從東方來,也不從西方來,救援不從曠野來,也不從山嶺來。
Dodoɖedzi metsoa ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe alo gbegbe vana na ame o,
7 因為惟獨天主是審判大主,他將此人貶抑將那人高舉。
ke boŋ Mawue nye afiatsola, eɖea ame sia le zi dzi, eye wòdoa ame kemɛ ɖe dzi.
8 爵杯已經握在上主的手掌,裝滿了起沫而調和的酒釀,他已倒出要地上的惡人喝,還要叫他們飲盡杯中的糟粕。
Kplu aɖe le Yehowa ƒe asi me, wain si lɔ fu ɖe nu, eye wotsɔ nu ʋeʋĩ tɔtɔe la le eme; ekui na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi, wonoe, no ahaƒã si le egɔme la hã ƒiaƒiaƒia.
9 然而我要永遠歡舞,歌頌雅各伯的天主;
Ke nye la, manɔ esia gblɔm ɖaa be; madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la;
10 惡人的角,我要一一打碎,惟有義人的角纔可豎起。
maŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo, ke woado ame dzɔdzɔewo ƒe dzowo ɖe dzi.

< 詩篇 75 >