< 詩篇 71 >

1 上主,我託庇於您,使我永不受羞恥!
O! Yehowa, mewòe mebe ɖo, mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o.
2 求您照您的正義解救我,求您側耳聽我,並拯救我。
Xɔ nam, eye nàɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta; trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye nàxɔ nam.
3 求您作我避難的石壁,獲救的堡壘;因為您是我的磐石,我的堡壘,
Nye sitsoƒe ƒe agakpe, afi si mate ŋu abe ɖo ɣe sia ɣi. Ɖe gbe be woaxɔ nam, elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ.
4 我的天主,求您由邪惡人的手中將我救出,由兇蠻橫暴者的掌中將我救走。
O! Nye Mawu, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, eye nàɖem tso nu tovo wɔlawo kple ŋutasẽlawo ƒe fego me.
5 因為,我主上主,您是我的期望,您是我自幼唯一的仰仗。
Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, wòe nye nye mɔkpɔkpɔ kple nye dzideƒo tso nye ɖekakpuime ke, O! Aƒetɔ Yehowa.
6 我自從在母胎中,就仰賴您,尚在母懷中,您就是我的託庇;我全心的希望,時時寄托於您。
Tso nye dzigbe ke, wò ko ŋu meku ɖo, elabena wòe ɖem tso danye ƒe dɔ me, eya ta makafu wò ɖaa.
7 許多人都把我視作妖怪,您卻作了我有力的仰賴。
Mezu nu maɖinu na ame geɖewo, gake wòe nye nye mɔ sesẽ.
8 我要滿口讚頌您,我要終日稱揚您。
Wò kafukafu yɔ nye nu me, eye meɖea gbeƒã wò atsyɔ̃ŋkeke blibo la.
9 在我年老時,求您不要拋棄我,在我氣力衰弱時,不要遠離我。
Mègatsɔm ƒu gbe, ne meku amegã o, eye mègagblẽm ɖi ne ŋusẽ vɔ le ŋunye o.
10 不然,我的仇敵必要對我說,窺伺我命的人,互相私議說:
Elabena nye futɔwo ƒo nu tsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame siwo le lalam be yewoawum la, wɔ ɖeka ɖo nugbe ɖe ŋunye.
11 天主已經捨棄了他,您們追擊他,捕捉他! 因為無人再來救他。
Wogblɔ be, “Mawu gblẽe ɖi, míti eyome, míalée, elabena ame aɖeke mava axɔ nɛ o.”
12 天主,求您不要遠離我,我的天主,請快來救我。
O! Mawu, mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, O! Nye Mawu, va kaba nàxɔ nam.
13 願那些謀殺我命的人,走頭無路,願那些設法害我的人,蒙受恥辱!
Na be nunyetsolawo natsrɔ̃ kple ŋukpe, eye nàna be vlododo kple ŋukpe natsyɔ ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.
14 我仍不斷地期望您,每日加倍地讚美您。
Ke nye ya la, mɔkpɔkpɔ anɔ asinye ɖaa, eye makafu wò, agakafu wò ɖe edzi.
15 我的口要傳述您的寬仁,終日不斷宣揚您的救恩,因為我不知它們的數額。
Nye nu aɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye kple wò xɔname ŋkeke blibo la, togbɔ be nyemenya eƒe kpekpeme o hã.
16 我要稱揚我天主的偉大奇能,上主,我要傳述您獨有的寬仁。
Mava aɖe gbeƒã wò nu dzɔatsuwo, O Aƒetɔ Yehowa. Maɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye, wò ɖeka tɔ ko.
17 天主,遠自我幼年時,您已教導了我。直至今日,我仍宣示您的微妙。
O! Mawu; tso nye ɖekakpuime ke, nèfia num, eye va se ɖe egbe la, mele gbeƒã ɖem wò nu dzɔatsuwo.
18 天主,即我髮白年老,求您也不要離棄我,直至我將您的威力宣示給這一代,將您的奇能傳述給下一代。
O! Mawu, ne metsi, ƒo wɔ hã la, mègagblẽm ɖi o, va se ɖe esime maɖe gbeƒã wò ŋusẽ na dzidzime si ava dzɔ kple wò ŋusẽ na ame siwo woava dzi.
19 天主,您的仁慈直達天際,天主,您行大事誰可比您?
O! Mawu, wò dzɔdzɔenyenye yi ɖatɔ dziŋgɔli ke, wò ame si wɔ nu dzɔatsu geɖewo. O! Mawu, ame kae le abe wò ene?
20 您曾使我經歷許多困苦艱難,現今仍然是您使我生活安全,並提拔我脫離了地下的深淵。
Togbɔ be èna mekpɔ xaxa geɖe kple vevesese hã la, àgaɖo nye agbe te, eye àva kplɔm ado goe tso anyigba ƒe tume ke.
21 求您增加我的尊位,求您再來給我安慰。
Àdzi nye bubu ɖe edzi, eye àgafa akɔ nam.
22 我的天主,我要彈琴,歌頌您的忠誠,以色列的聖者,我要鼓瑟,向您歌頌。
O! Nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku le wò nuteƒewɔwɔ ta; madzi kafukafuha na wò kple gasaŋku, O! Israel ƒe Kɔkɔetɔ.
23 當我歌頌您時,我的雙唇要歡騰,我那為您所救的靈魂,也要歡騰。
Nye nuyiwo ado dzidzɔɣli, ne mele kafukafuhawo dzim na wò, nye ame si nèɖe.
24 我的舌頭也要終日伸述您的仁慈,因為謀圖傷害我的人蒙受了羞恥。
Nye aɖe agblɔ wò dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwo ŋkeke blibo la, elabena ŋukpe kple tɔtɔ va ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.

< 詩篇 71 >