< 詩篇 7 >

1 【苦中投奔於主】 達味有感於本雅明族人的話,向上主唱流離之歌。 上主,我的天主!我一心投奔你;求你助我逃脫一切追逐我的人,求你救拔我;
David ƒe konyifaha si wòdzi na Yehowa le Benyamintɔ, Kus ƒe nyawo ta. O! Yehowa, nye Mawu, wòe mesi tso, xɔ nam, eye nàɖem tso ame siwo katã le yonyeme tim la ƒe asi me.
2 免得有人像獅子一般撕裂我時,無人搭救我。
Ne menye nenema o la, woavuvum abe ale si dzata vuvua nui ene, eye woavuvum ʋayaʋaya, xɔnametɔ aɖeke mava ɖem o.
3 上主!如果我真做了這事,我主!在我手中就真有罪!
O! Yehowa, nye Mawu, ne mewɔ nu sia, eye vɔ̃ lé ɖe nye asiwo ŋu,
4 我若真加害過我的友好,或無故把我的仇敵劫掠;
ne mewɔ nu vɔɖi ɖe ame si li kplim le ŋutifafa me ŋuti alo meda adzo nye futɔ naneke mawɔmawɔtɔe la,
5 就讓敵人追逐我,擒獲我,把我的性命踐踏在污地,將我的光榮歸諸於泥灰。
ekema na nye futɔ nati yonyeme, eye eƒe asi nasu dzinye; na be wòafanyam ɖe anyigba, eye wòana matsi ke me adɔ. (Sela)
6 上主,求你震怒奮起,前來克制我仇的暴慢。我的天主,求你醒起助我,施行你定的斷案。
O! Yehowa, tso, le wò dziku me; tso ɖe nye futɔwo ƒe nyanyra ŋuti. Nyɔ, nye Mawu, ne nàɖo ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anyi.
7 願萬民聚齊環繞著你。願你回駕由高處鑒視。
Na be amehawo naƒo ƒu ɖe ŋuwò. Ɖu fia ɖe wo dzi tso dziƒo;
8 上主,萬民的審判者! 上主,請照我的正義,請按我的無罪,護衛我的權利。
na be Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la. O! Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye ta, O! Dziƒoʋĩtɔ, tso afia nam le nye nuteƒewɔwɔ ta.
9 公義的天主! 惟你洞察肺腑和人心,願惡人的毒害停止,求你堅固義人!
O! Mawu dzɔdzɔetɔ, ame si dzroa susuwo kple dziwo me, na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso, eye nàna dedinɔnɔ ame dzɔdzɔewo.
10 天主是我的護盾,給心正的人助陣。
Nye akpoxɔnue nye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la, ame si ɖea ame si dza le eƒe dzi me.
11 天主是公義的審判者,對怙惡的人終日怒嚇。
Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe, Mawu si ɖea eƒe dɔmedzoe fiana gbe sia gbe.
12 仇人雖然磨刀擦劍,開弓拉弦準備射箭;
Nu metia kɔ nɛ o, anyre eƒe yi, eye wòavu eƒe dati me.
13 那只是為自己預備死亡的武器,為自己製造帶火的箭矢。
Edzra eƒe lãnuwo ɖo da ɖi, eye eƒe aŋutrɔ bibiawo la etrɔ asi le wo ŋu wosɔ gbe.
14 試看,他既孕惡懷毒,自然就要產生虛無,
Ame si fɔ nu vɔ̃ɖi ƒe fu, eye dzɔgbevɔ̃e zu fu wòfɔ la, adzi beble ƒe vi.
15 他挖掘坑穴,擺布陷阱,勢必落在自備的窖中。
Ame si ɖe ʋe, heku eme wògoglo nyuie la age dze ʋe si eya ŋutɔ ɖe la me.
16 他的兇惡必反轉到自己頭上,他的橫暴必降落在自己的頂上。
Dzɔgbevɔ̃e si wòhe vɛ la atrɔ abali ɖe eya ŋutɔ ŋuti, eye eƒe ŋutasesẽ atrɔ ava eya ŋutɔ ƒe ta dzi.
17 我要稱謝上主的公道,歌頌至高上主的名號。
Mada akpe na Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta, eye madzi kafukafuha na Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋkɔ.

< 詩篇 7 >