< 詩篇 69 >

1 達味作,交與樂官,調寄「百合。」 天主,求您從速拯救我;因大水已到我的頸脖。
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi nu. Mawu, ɖem, elabena tsi ɖɔ ɖe ŋunye va se ɖe nye kɔgbɔ ke.
2 我陷於泥獰中,沒有立足的處所;我沈入深水中,波濤已掩蓋了我。
Meɖo ba yi ɖe tome ke, afi si afɔɖoƒe mele o. Meɖo tɔ goglowo me; tsi ɖɔ to tanye.
3 我呼號得筋疲力竭,我已咽喉焦乾;我常期望我的天主,我已望眼欲穿。
Medo ɣli be woaxɔ nam, ale nu ti kɔ nam, eye nye ve me hã ƒu kplakplakpla. Mekpɔ mɔ na Mawu ʋuu, eye ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu.
4 無故憎恨我的人,比我的頭髮更繁,無理敵對我的人,比我的骨頭更堅硬;我沒有搶奪過的,我反而應該償還。
Ame siwo lé fum ɖe nanekemawɔmawɔ ta la sɔ gbɔ wu nye taɖa. Amewo lé fum yakatsyɔ, eye woti yonyeme be woatsrɔ̃m. Ale meɖo nu si nyemefi o la eteƒe dzizizitɔe.
5 天主,我的愚昧,您知道得更為周詳。我的過犯,不能向您掩蓋隱藏。
O! Mawu, ènya nye bometsitsi, eye nye fɔɖiɖi mele ɣaɣla ɖe wò o.
6 上主,萬軍的上主,願那仰望您的人,不要因我而蒙羞,以色列人的天主,願那尋覓您的人,不要因我而受辱。
O! Aƒetɔ, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mègana ame siwo ƒe mɔkpɔkpɔ le mewò la naɖu ŋukpe le tanye o. O! Israel ƒe Mawu, ame siwo le diwòm la, mègana ŋu nakpe wo le tanye o.
7 因為,我為了您已飽受欺凌,羞愧已經籠罩了我的面容。
Tawòe wodo vlom ɖo, eye ŋukpe tsyɔ mo nam.
8 連我的兄弟們都以我為外賓,我母親的兒子都拿我當客人。
Menye amedzro na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo kple ame manyamanya na danyevi ŋutsuwo.
9 我對您殿宇所懷的熱忱把我耗盡,並且那侮辱您者的辱罵落於我身。
Elabena lɔlɔ̃ na wò aƒe zu dzo ge ɖe menye, eye ame siwo dzu wò la ƒe dzudzu va dzinye.
10 我含淚齋戒克己苦身,竟成了我受辱的原因;
Esi mefa avi, tsi nu dɔ la, vlododo boŋ wozu nam;
11 我身上穿著麻布當作衣裳,也竟成了他們取笑的對象。
esi meta akpanya la, mezu nu ɖikokoe na amewo.
12 閒坐門口的人,對我議論紛紛,喝醉烈酒的人,對我歌唱戲弄。
Ame siwo nɔ anyi ɖe agbo nu la ɖe alɔme le ŋunye, eye ahamulawo kekeake hã kpa ha dem.
13 上主,在這困厄的時日,我只有求救於您;天主,求您按您豐厚的慈愛應允我,求您以您救援的忠誠俯聽我。
O! Yehowa, medo gbe ɖa na wò le wò amenuveɣi; O! Mawu, le wò lɔlɔ̃ gã la ta, tɔ nam kple wò xɔname si medana le edzi o.
14 求您救我於污泥中,不要讓我沉沒。救我脫離恨我的人,走出大水旋渦,
Ɖem tso agbi me, mègana mayi to o, ɖem le ame siwo lé fum la ƒe asi me, tso tɔ goglowo me.
15 求您不要讓波浪淹沒我,深淵吞滅我,也不要讓地窖合上自己的口埋葬我。
Mègana tsi naɖɔ to tanye, alo gogloƒe namim, eye ʋe globo natu eƒe nu ɖe dzinye o.
16 上主,求您照您和藹的慈愛俯允我,求您按您深厚的仁慈眷顧我。
O! Yehowa, tɔ nam, le wò lɔlɔ̃ deto la ta, eye trɔ ɖe ŋutinye le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta.
17 求您不要向您的僕人隱藏您的慈顏,因為我正處在困厄中,求您從速垂憐。
Mègaɣla wò mo ɖe wò dɔla o; ke boŋ tɔ nam kaba, elabena meɖo xaxa me.
18 求您親近我的靈魂,施予救贖,為了我的諸般仇敵,求您救護。
Te ɖe ŋunye, eye nàxɔ nam, ɖem le nye ketɔwo ta.
19 我受的侮辱、欺凌和恥笑,您都識穿;欺凌迫害我的眾人,都在您的眼前。
Ènya ale si wodo vlom, ɖi gbɔ̃m, eye wodo ŋu kpem; nye futɔwo katã le ŋkuwò me.
20 侮辱破碎了我心,使我憂傷難過;我期望有人同情,卻未尋到一個,我渴盼有人來安慰,也未找到一個。
Vlododo na nye dzi gbã, eye mezu xɔnamemanɔsitɔ; mekpɔ mɔ na babadoname, gake ɖeke meli o. Mekpɔ mɔ na akɔfalawo, gake nyemekpɔ ɖeke o.
21 他們在我的食物中,攙上了苦膽,我口渴時,竟遞來酸醋要我下嚥,
Wotsɔ veve de nye nuɖuɖu me, eye esi tsikɔ wum la, wotsɔ aha tsitsi nam be mano.
22 願他們的筵席變成網羅,為同席的友人變為圈套!
Woƒe kplɔ̃ si woɖo na wo la nezu mɔ na wo; nezu teƒeɖoɖo kple mɔ na wo.
23 願他們的眼睛昏迷失明,使他們的雙腰顫抖不停!
Woƒe ŋkuwo dzi nedo viviti be, womagate ŋu akpɔ nu o, eye na woƒe dzi me naɖo kpo tegbee.
24 求您向他們傾洩您的盛怒,讓您的怒火把他們籠罩住。
Trɔ wò dziku kɔ ɖe wo dzi, eye nàna wò dɔmedzoe helĩhelĩ nalé wo.
25 願他們的居所變成荒土,願他們的帳幕無人再住!
Woƒe nɔƒe neɖi gbɔlo; mègana be ame aɖeke neganɔ woƒe agbadɔwo me o.
26 因為他們繼續打擊您所打擊的人,他們另加苦害您所傷殘的人。
Elabena woti ame siwo ŋu nède abii la yome, eye wole nu ƒom le ame siwo nèwɔ nuvevii la ƒe vevesese ŋu.
27 願您在他們的罪罰上增加罪罰,不要使他們在您面前稱義自誇。
Bu fɔ wo, eye nàgabu fɔ wo ɖe edzi; mègana woakpɔ gome le wò xɔname me o.
28 願他們從生命冊上全被塗去,不要讓他們與義人同被錄取:
Tutu woƒe ŋkɔwo ɖa le agbegbalẽ la me, eye mègana woaŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe ame dzɔdzɔewo dome o.
29 天主,我既貧乏而又憂苦,願您的救助賜給我衛護:
Mele vevesese kple nuxaxa me; O! Mawu, na wò xɔname natɔ kpɔ ƒo xlãm.
30 我要用詩歌讚美天主的名號,並要用感恩的心給天主增耀:
Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ƒe ŋkɔ, eye madoe ɖe dzi kple akpedada.
31 這將使上主滿心歡愉,勝於蹄角具全的牛犢。
Esia adze Yehowa ŋu wu nyi, eye wòado dzidzɔ nɛ wu nyitsu kple eƒe dzowo kpakple eƒe afɔkliwo.
32 卑微的人們,您們要觀看,並要喜慶,尋求天主的人,您們的心必要興奮,
Hiãtɔwo akpɔe ahatso aseye, eye mi ame siwo dia Mawu la, míaƒe dziwo nenɔ agbe ɖaa!
33 因為對貧苦的人,上主常予俯聽;對他的俘虜,他決不會看輕。
Yehowa ɖoa to hiãtɔwo, eye medoa vlo eƒe ame siwo le aboyome o.
34 願上天下地都歌頌讚美他,海洋和一切水族都稱揚他!
Dziƒo kple anyigba nekafui, atsiaƒuwo kple nu siwo katã ʋãna le wo me,
35 因為天主要拯救熙雍,建造猶大的城池:使他的僕人住在那裏,並佔有作基地。
elabena Mawu aɖe Zion, eye wòagbugbɔ Yuda ƒe duwo atso. Ekema amewo aɖanɔ afi ma, axɔe wòazu wo tɔ;
36 他僕人的後裔將要承繼此邑,愛慕他名的人也要住在這裏。
eƒe dɔlawo ƒe viwo atsɔe anyi domee, eye ame siwo lɔ̃ eƒe ŋkɔ la anɔ afi ma.

< 詩篇 69 >