< 詩篇 64 >

1 達味詩歌,交與樂官。 天主,求您傾聽我哀訴的聲音,從仇敵的恐嚇中保全我生命。
David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Mawu, ɖo tom, esi meɖe nye kuxiwo na wò; kpɔ nye agbe ta tso futɔ siwo le ŋɔdzi dom nam la ƒe asi me.
2 求您掩護我遠離惡人的陰險,使我脫免作奸犯科者的暴亂;
Ɣlam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nugbeɖoɖo kple ame vlo mawo ƒe howɔwɔ me.
3 他們磨礪自己的舌頭有如刀劍,他們吐出有毒的語言有如弓箭:
Wonyrea woƒe aɖewo abe yi ene, eye wodzidzea woƒe nyawo ɖe ame dzi abe aŋutrɔ siwo nu aɖi le la ene.
4 暗地裏向無辜的人擊撾,肆無忌憚,突然將他刺殺。
Wodea xa hedaa aŋutrɔ ame maɖifɔ la, eye wodanɛ zi ɖeka vɔvɔ̃manɔŋutɔe.
5 他們彼此激勵行惡,互相商議暗佈羅網;說:看見我們的究竟是誰?
Wodea dzi ƒo na wo nɔewo le woƒe nu vɔ̃ɖi ɖoɖowo me, woƒoa nu tso ale si woatre mɔ ɖe vivime la ŋuti gblɔna be, “Ame kae le ekpɔ ge?”
6 誰能查出我們的邪思﹖我們已作成精密陰謀,走近的人必墜入深溝。
Woɖoa nu vɔ̃ɖi hegblɔna le eŋuti be, “Míewɔ ɖoɖo deŋgɔ la vɔ!” Vavãe, ame ƒe susu kple dzi me nye ayenuwɔƒe,
7 但是,天主必要用箭射擊他們,他們必要突然身受創痕。
gake Mawu ada aŋutrɔ wo eye wòalɔ wo zi ɖeka kpoyi woamu adze anyi.
8 他們的舌頭必使自己跌仆,凡見到他們的人都必搖頭。
Ana woawo ŋutɔ ƒe aɖe nade wo nya me eye wòahe wo ade tsɔtsrɔ̃ me. Ame siwo katã akpɔ wo la aʋuʋu ta ɖe wo ŋu fewuɖutɔe.
9 眾人要恐懼,要傳述天主的作為,他們也都要細心默思他的事跡。
Tete vɔvɔ̃ aɖo amegbetɔƒomea katã; woado Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi, eye woade ŋugble le nu si wòwɔ la ŋuti.
10 義人必要喜樂於上主,向他投靠,心地正直的人,必要因此而歡躍。
Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ le Yehowa me, eye wòasii atso. Ame siwo katã dza le woƒe dzi me la akafui!

< 詩篇 64 >