< 詩篇 63 >

1 達味詩歌,作於飄流在猶大曠野時。 天主,您是我的天主,我急切祈求您;我的靈魂渴慕您,我的肉身切望您,我有如一塊乾旱涸竭的無水田地。
David ƒe ha. Ekpae esi wòle Yuda gbegbe. O! Mawu, wòe nye nye Mawu, mele diwòm vevie; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, nye ameti blibo la mele diwòm, le kuɖiɖinyigba si ƒu kplakplakpla, eye tsi aɖeke meli o la dzi.
2 我在聖殿裏瞻仰過您,為看到您的威能和您的光輝;
Mekpɔ wò le kɔkɔeƒe la, eye mekpɔ wò ŋusẽ kple wò ŋutikɔkɔe.
3 您的慈愛比生命更為寶貴,我的唇舌要時常稱頌您。
Esi wò lɔlɔ̃ nyo wu agbe ta la, nye nuyiwo ado wò ɖe dzi.
4 我要一生一世讚美您,我要因您的名把手舉起!
Makafu wò, zi ale si mele agbe, eye mado nye asiwo ɖe dzi le wò ŋkɔ me.
5 我的心靈好像飽享了膏脂,我要以歡愉的口唇讚美您。
Nye luʋɔ aɖi ƒo abe nuɖuɖu nyuitɔ kekeakee wòɖu ene; hadzidzi anɔ nu nam, eye nye nu adzi kafukafuhawo na wò.
6 我在床上想起了您,徹夜不眠地默想著您。
Le nye aba dzi, meɖoa ŋku dziwò, mebua ŋutiwò le nye ŋunɔɣi le zã me.
7 因為您作了我的助佑,我要在您的羽翼下歡舞。
Esi nènye nye xɔnametɔ ta la, madzi ha le wò aʋala ƒe vɔvɔli te.
8 我的心靈緊緊追隨您,您的右手常常扶持著我。
Nye luʋɔ ku ɖe ŋuwò goŋgoŋgoŋ, eye wò ɖusibɔ lém ɖe te.
9 那些謀圖陷害我命的人,必將墜落在地下的深層;
Woatsrɔ̃ ame siwo le nye agbe yome tim, woayi ɖe keke anyigba la ƒe tume ke.
10 他們必為刀劍所殺死,也必然為野犬所分食。
Woatsɔ wo ade asi na yi, eye woazu nuɖuɖu na amegaxiwo.
11 但是君王必要因天主而喜慶;凡以天主宣誓的人,必要自幸,因為說謊的口,必要瘖啞失聲。
Ke fia la akpɔ dzidzɔ le Mawu me; ame siwo katã kaa atam le Mawu ƒe ŋkɔ me la akafui, ke woamia nu na alakpatɔwo.

< 詩篇 63 >