< 詩篇 60 >

1 達味金詩,交與樂官。 約阿布歸來,在鹽谷殺了一萬二千人。 天主,你拋棄了我們,粉碎了我們!你曾發怒,今求你復興我們。
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Nubabla ƒe Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi nu. David kpa nufiameha sia esi wòwɔ aʋa kple Aram Naharaim kple Aram Zobah, kpe ɖe esi Yoab trɔ gbɔ tso aʋa le Dze Balime, afi si wòwu Edomtɔ akpe wuieve le la ŋu. O! Mawu, ègbe mí, èti kpo dze mía dzi, eye nèdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu, eya ta gbugbɔ mí ɖo te!
2 你曾使大地震動,使地裂土崩,求你彌補裂縫,因它搖搖不定。
Èʋuʋu anyigba la, eye nèfee wòle nuvo, eya ta gatre eƒe gbagbãƒeawo, elabena ele ʋuʋum.
3 你使你的百姓遭受艱苦,使我們喝了麻醉的烈酒。
Èna ɣeyiɣi sesẽwo tu wò dukɔ la, eye nèna wain mí míeno mu hele yiyim sɔgɔsɔgɔsɔgɔ.
4 然後你為敬愛你的人,豎起旗幟,為使他們閃避仇敵的弓矢;
Ke hena ame siwo vɔ̃a wò la, èkɔ aflaga dzi be wòanye akpoxɔnu ɖe woƒe aŋutrɔ ŋu. (Sela)
5 為叫你所愛的人,獲得救恩;求你以右手協助,垂允我們。
Xɔ na mí, eye nàɖe mí kple wò nuɖusi, be ame siwo nèlɔ̃ la nakpɔ xɔxɔ.
6 天主在自己的聖所說:「我要凱旋,將舍根分疆,將穌苛特的平原測量。
Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be; “Le dziɖuɖu me, mama Sekem, eye madzidze Sukɔt Balime hã.
7 基肋阿得地屬於我,默納協地也屬於我;我的頭盔就是厄弗辣因,猶大成為我手中的權棍;
Gilead nye tɔnye, Manase hã tɔnyee. Nye gakukue nye Efraim, eye Yuda nye nye fiatikplɔ.
8 摩阿布是我的沐浴池,我向厄東投我的鞋隻,我還要戰勝培肋舍特。
Moab nye nye asiklɔgba, meɖe nye tokota ƒu gbe ɖe Edom dzi, eye medo dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ta.”
9 誰弔領我進入堅城,誰領導我走進厄東?
Ame ka akplɔm ayi du si ŋu woɖo gli sesẽ ƒo xlãe la me? Ame ka akplɔm ayi Edom?
10 天主,莫非你已將我們拋棄,難道不率領我軍出擊?
O! Mawu, ɖe menye wòe o la, wò ame si gbe mí, eye mègadona kple míaƒe aʋakɔwo lae oa?
11 求你援助我們抵抗仇讎,因為人的援助盡是虛無。
Kpe ɖe mía ŋu, ɖe míaƒe futɔwo ŋuti, elabena amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele ɖeke me o.
12 我們倚靠天主奮勇行事,祂必要,踐踏我們的仇敵。
To Mawu dzi, míaɖu dzi, eye míafanya míaƒe futɔwo ɖe anyigba.

< 詩篇 60 >