< 詩篇 58 >

1 達味金詩,交與樂官。調寄「莫要毀壞」。 判官們!你們是否真正出言公平?世人們!你們是否照理審斷案情?
David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Ɖe mi dziɖulawo mietoa nyateƒea? Ɖe mietsoa afia dzɔdzɔe na amewoa?
2 可惜你們一心只想為非作惡,在地上你們的雙手只行宰割。
Ao, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ boŋ míeɖo ɖe miaƒe dziwo me, eye míaƒe asiwo wɔa ŋutasẽnu le anyigba dzi.
3 作惡者一離母胎,即背離正路;說謊者一出母腹,即走入歧途。
Ame vɔ̃ɖiwo tra mɔ tso keke woƒe vidzĩ me ke, eye tso wo dadawo ƒe dɔ me ke, wodze aglã, hedaa alakpa.
4 他們滿懷的毒素有如蛇毒;他們又像塞住耳朵的聾蝮,
Woƒe aɖi le abe da ƒe aɖi ene. Egale abe ƒli si xe nu eƒe to me ene,
5 不聽巫士的言語,不隨靈妙的妖術。
eye ne gbesala ɖe gbe nɛ la, mewɔa edzi o; aleke gbegbee dzotɔ la bi ɖe gbesasa mee hã la, mesenɛ o.
6 天主,求你把他們口中的牙齒搗爛,上主,求你把少壯獅子的牙床打斷。
O, Mawu, ŋe aɖu ɖe nu me na wo, O, Yehowa, tu tsyo na dzata la!
7 他們有如奔湍的急水流去,他們有如被踏的青草枯萎;
Wo nu neyi abe tsi si si va yi la ene. Ne wovu woƒe dawo me la, woƒe aŋutrɔwo nu netsi.
8 他們有如蝸牛爬過溶化消失,又如流產的胎兒不得親見天日!
Wole abe abɔbɔ si va yi, eye etoƒe bu la ene. Wonenɔ abe fu gege ene, be womakpɔ ɣe o.
9 他們的鍋在未覺到荊火以前,願狂怒的烈風將他們全部吹散!
Hafi miaƒe zewo nase ŋutidzo si wodo ɖe wo te ŋkɔ, eɖanye mumua, alo ƒuƒua o, woakplɔ ame vɔ̃ɖi la adzoe.
10 義人看見大仇己報時,必然喜樂,他要在惡人的血中洗自己的腳。
Ame dzɔdzɔewo akpɔ dzidzɔ, ne wole hlɔ̃ biam ɖe wo nu, eye wole woƒe afɔwo klɔm ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ʋu me.
11 如此,眾人都說:「義人果然獲得了好的報酬,世上確有執行審判的天主!
Ekema amewo agblɔ be, “Vavã, wogale eteƒe ɖom na ame dzɔdzɔe, eye Mawu aɖe li si drɔ̃a ʋɔnu anyigba vavã.”

< 詩篇 58 >