< 詩篇 52 >

1 達味訓誨歌,交與樂官。 作於厄東人多厄格前去報告撒烏耳,說達味到了阿希默肋客家後。 你這以作惡端為能事的人!你為什麼竟以罪為榮為幸?
David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Ekpa ha sia esi Edomtɔ, Doeg yi ɖagblɔ na Saul be, “David yi ɖe Ahimelek ƒe aƒe me.” Nu ka ta nètsɔ nu vɔ̃ɖi le adegbe ƒom, wò kalẽtɔ? Nu ka wɔ nèle adegbe ƒom ŋkeke blibo la, wò ame si nye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume?
2 你這欺詐的人,你時時懷念邪惡,你的舌頭正如一把銳利的剃刀。
Wò aɖe le gbegblẽ ɖom; èle abe hɛ ɖaɖɛ ene, wò alakpatɔ.
3 你愛作惡超過行善,你愛說謊超過真言。
Èlɔ̃ vɔ̃ wu nyui, èlɔ̃ alakpa wu nyateƒetoto. (Sela)
4 你這欺詐虛偽的舌頭,凡人的話你都羨慕。
O! Wò alakpaɖe, èlɔ̃ nya gbegblẽwo sɔŋ ko!
5 為此,天主必要消滅你,把你永遠廢去,要帳幕中拔去你,由人間將你根除。
Vavã, Mawu hã aƒu wò anyi ɖe gbegblẽ mavɔ me. Mawu ahe wò ado goe tso wò agbadɔ me, aho wò kple ke tso agbagbeawo ƒe anyigba dzi. (Sela)
6 義人見了必然害怕,要對他冷嘲熱笑說:
Ame dzɔdzɔewo akpɔe, eye woavɔ̃; woakoe ahagblɔ be,
7 請看,這便是那不以天主作自己保障的人,他只依恃自己的財富,以邪惡而誇勝。
“Kpɔ ɖa, ŋutsu si metsɔ Mawu wɔ eƒe mɔ sesẽ o, ke boŋ wòtsɔ eƒe dzi ɖo eƒe kesinɔnu gbogboawo ŋu, eye wòkpɔ ŋusẽ hegblẽ ame bubuwo dome lae nye esi!”
8 我卻好像天主殿中的茂盛橄欖樹,全心信賴天主的慈愛,一直到永久。
Ke nye la, mele abe amiti si le tsetsem le Mawu ƒe aƒe me la ene. Meɖo dzi ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
9 上主行了此事,我要永遠稱頌你,我要在你聖徒的面前,讚揚你美善的聖名。
Makafu wò tegbee le nu si nèwɔ la ta; matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ade wò ŋkɔ me, elabena wò ŋkɔ nyo. Makafu wò le wò ame kɔkɔewo ŋkume.

< 詩篇 52 >