< 詩篇 51 >

1 達味詩歌,交與樂官。 作於納堂先知前來指責他與巴特舍巴犯姦之後。 天主,求你按照你的仁慈憐憫我,依你豐厚的慈愛,消滅我的罪惡。
David ƒe ha na hɛnɔ la. Ekpa ha sia esime wòwɔ ahasi kple Batseba, eye Nyagblɔɖila Natan va egbɔ. O! Mawu, kpɔ nye nublanui le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta. Le wò dɔmenyo sɔgbɔ la nu, tutu nye dzidadawo ɖa.
2 求你把我的過犯洗盡,求你把我的罪惡除淨,
Klɔ nye vodadawo katã ɖa, eye nàle tsi nam ŋunye nakɔ tso nye nu vɔ̃wo me.
3 因為我認清了我的過犯,我的罪惡常在我的眼前。
Elabena menya nye dzidadawo, eye nye nu vɔ̃wo le nye ŋkume ɖaa.
4 我得罪了你,惟獨得罪了你,因為我作了你視為惡的事;因此,在你的判決上顯出你公義,在你的斷案上,顯出你的正直。
Ŋuwò, wò ko ŋu mewɔ nu vɔ̃ ɖo, eye nu si nye vɔ̃ le wò ŋkume la mewɔ, eya ta ne èle nu ƒom la, woaɖee afia be tɔwò dzɔ, eye ne ètso afia la, woagblɔ be ele eteƒe.
5 是的,我自出世便染上了罪惡,我的母親在罪惡中懷孕了我。
Vavã, wodzim ɖe nu vɔ̃ me, eye nu vɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo.
6 你既然喜愛那出自內心的誠實,求在我心的深處教我認識智慧。
Vavã, nyateƒe si tso dzi me ke la nèdina; èfia nunyam le ememe ke.
7 求你以牛膝草灑我,使我皎潔,求你洗滌我,使我比雪還要白。
Klɔ ŋutinye kple kakle, eye ŋunye aɖi; le tsi nam, eye mafu tititi wu aklala.
8 求你賜我聽見快慰和喜樂,使你粉碎的骨骸重新歡躍。
Na mase dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso, ne nye ƒu siwo nèŋe la nakpɔ dzidzɔ.
9 求你掩面別看我的罪過,求你除掉我的一切罪惡。
Ɣla wò mo ɖe nye nu vɔ̃wo, eye nàtutu nye vodadawo katã ɖa.
10 天主,求你給我再造一顆純潔的心,使我重獲堅固的精神。
O! Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye.
11 求你不要從你面前把我拋棄,不要從我身上收回你的聖神。
Mègatsɔm ƒu gbe le wò ŋkume, alo nàxɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinye o.
12 求你使我重獲你救恩的喜樂,求你以慷慨的精神來扶持我。
Gbugbɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzidzɔ de menye, eye nàna gbɔgbɔ si le klalo la be wòalém ɖe asi.
13 我要教導你的道路給作惡者,罪人們都要回頭,向你奔赴。
Ekema mafia wò mɔwo dzidalawo, eye nu vɔ̃ wɔlawo atrɔ ava gbɔwò.
14 天主,我的救主,求你免我血債,我的舌頭必要歌頌你的慈愛。
O! Mawu, ɖem tso ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ me, wò Mawu si ɖem, eye nye aɖe adzi ha le wò dzɔdzɔenyenye ŋu.
15 我主,求你開啟我的口唇,我要親口宣揚你的光榮。
O! Aƒetɔ, ke nye nuyiwo, eye nye nu aɖe gbeƒã wò kafukafu.
16 因為你既然不喜悅祭獻,我獻全燔祭,你也不喜歡。
Mèdia vɔsa o, anye ne metsɔe na wò; numevɔsa hã medoa dzidzɔ na wò o.
17 天主,我的祭獻就是這痛悔的精神,天主,你不輕看痛悔和謙卑的赤心。
Vɔsa siwo nye Mawu tɔe nye gbɔgbɔ si wogbã. O! Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.
18 上主,求你以慈愛恩待熙雍,求你重修耶路撒冷城。
Na nu nadze edzi na Zion le wò didi nyui la nu, eye nàɖo Yerusalem ƒe gliwo te.
19 那時你必悅納合法之祭,犧牲和全燔祭獻;那時,人必要把牛犢奉獻於你的祭壇。
Ekema dzɔdzɔenyenyevɔsawo kple numevɔsa blibowo ava gbɔwò, ado dzidzɔ na wò, eye woatsɔ nyitsuwo asa vɔe le wò vɔsamlekpui dzi.

< 詩篇 51 >