< 詩篇 46 >

1 科辣黑後裔的詩歌,交與樂官,女聲高音。 天主是我們的救助和力量,天主是患難中最易尋到的保障。
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe alamot ƒe gbeɖiɖi nu. Mawue nye míaƒe sitsoƒe kple ŋusẽ, xɔnametɔ si li ɖaa kpli mí le xaxawo me.
2 因此,縱使地動山崩,墮入海心,我們也決不會疑懼橫生;
Eya ta ne anyigba gli le zi dzi hã la, míavɔ̃ o, ne towo ho ɖadze atsiaƒu me,
3 海濤儘管洶湧翻騰,山岳儘管因浪震動:我們同在的是萬軍的天主,雅各伯的天主是我們的保護。
eye atsiaƒutsi ɖe gbe lɔ futukpɔ ɖe nu, ale be towo dzo kpekpekpe le eƒe howɔwɔ ta hã la, míavɔ̃ o. (Sela)
4 河流要使天主的城邑歡樂,即至高者所住的至聖居所,
Tɔsisi aɖe li, esi ƒe tsiwo doa dzidzɔ na Mawu ƒe du, teƒe kɔkɔe, afi si Dziƒoʋĩtɔ la nɔna.
5 天主定居其中,此城決不動搖;清晨曙光一現,天主即加扶牢。
Mawu le afi ma, eya ta mamu adze anyi o. Mawu akpe ɖe eŋu ne ŋu ke teti.
6 異民儘管擾亂,萬邦儘管騷動,天主一發鳴聲,大地即刻消溶。
Hoowɔwɔ ɖo dukɔwo me, fiaɖuƒewo mu; ekɔ eƒe gbe dzi, tete anyigba lolo.
7 與我們同在的是萬軍的上主,雅各伯的天主是我們的保護。
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. (Sela)
8 請你們前來觀看上主的作為,看祂在地上所行的驚人事蹟:
Miva kpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo ɖa, miva kpɔ gbegblẽ si wòhe va anyigba dzi la ɖa.
9 祂消滅戰爭直達地極,祂斷弓毀矛,燒甲焚盔。
Ena aʋawɔwɔ nu tso va se ɖe keke anyigba ƒe mlɔenu ke; eŋe da, eye wòfli akplɔ, hetɔ dzo akpoxɔnuwo.
10 你們要停手!應承認我是天主,是萬民的至尊,是大地的上主。
“Ɖe dzi ɖi, eye nànya be nyee nye Mawu. Woadom ɖe dzi le dukɔwo dome, eye woadom ɖe dzi le anyigba dzi.”
11 與我們同在的,是萬軍的上主,雅各伯的天主是我們的保護。
Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. (Sela)

< 詩篇 46 >