< 詩篇 45 >

1 科辣黑後裔的訓誨歌,交與樂官。 我的心靈湧溢優雅的言辭,向我君王傾吐我的讚美詩;我舌好像書寫流利的妙筆。
Korah ƒe viwo ƒe nufiameha si nye srɔ̃ɖeha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe dzogbenya ƒe gbeɖiɖi nu. Nya nyuiwo le fiefiem le nye dzi me esi mele ha sia kpam na fia la, eye nye aɖee nye nuŋlɔla adodoea ƒe nuŋlɔti.
2 你在世人中最為美麗,你口中流著慈惠,因此天主永遠祝福你。
Èdze ɖeka wu ŋutsuwo katã, wotsɔ amenuveve si ami na wò nuyi, elabena Mawu yra wò tegbee.
3 英雄!請在腰間佩帶你的刀劍,就是佩帶上你的榮耀和威嚴。
O! Kalẽtɔ, tsɔ wò yi ta ɖe ali, eye nàtsɔ wò atsyɔ̃ kple gãnyenye ata.
4 願你為了信實和正義驅駕順利,願你的右手指導你驚人的奇事!
Do sɔ dziɖuɖutɔe le wò fianyenye me. Le nyateƒe, ɖokuibɔbɔ kple dzɔdzɔenyenye me, na wò nuɖusi naɖe wò nuwɔwɔ dziŋɔwo afia.
5 萬民必因你的銳箭屈服於你,君王的眾仇敵必要膽破心悸。
Na wò aŋutrɔ ɖaɖɛwo naŋɔ fia la ƒe futɔwo ƒe dzi, eye na dukɔwo nadze anyi ɖe wò afɔ nu.
6 上主! 你的御座永遠常存,你治國的權杖無比公允。
O! Mawu, wò fiazikpui ali ke tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò fiaɖuƒe la ƒe tsiamiti anye nuteƒewɔwɔ ƒe atikplɔ.
7 你愛護正義,你又憎恨罪辜:為這個緣故,你的天主,以喜油傅你,勝過你的伴侶。
Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nètsri nu vɔ̃ɖi wɔwɔ; eya ta Mawu, wò Mawu la ɖo wò nèkɔ gbɔ fia bubuwo ta to dzidzɔkpɔkpɔ ƒe amisisi na wò me.
8 你的衣冠散布沒藥、沉香、與肉桂的芬芳。由象牙宮中奏出絃樂的聲音,使你歡暢;
Kotoklobo, lifi kple atike ʋeʋĩ le ya ɖem le wò awuwo me. Kasaŋkuwo na nèle aseye tsom le wò nyiɖufiasawo me.
9 列王的公主都成群結隊前來歡迎你,王后佩帶敖非爾金飾,在你右邊侍立。
Fiavinyɔnuwo le wò nyɔnu bubumewo dome, eye fiasrɔ̃ si do Ofir Sikanuwo la nɔ wò nuɖusime.
10 女兒!請聽,請看,也請側耳細聽:忘卻你的民族和你的家庭!
O! Vinyɔnu, ɖo to, nàbu eŋu, eye nàƒu to anyi. Ŋlɔ wò dukɔ kple fofowò ƒe aƒe la be.
11 因為君王戀慕你的美艷雅麗,祂是你主,你應向祂俯道至地!
Wò tugbedzedze wɔ dɔ ɖe fia la dzi ŋutɔ, eya ta de bubu eŋu, elabena eyae nye wò aƒetɔ.
12 提洛的女兒都前來奉獻禮品,民間的顯要都想得你的歡心。
Tiro vinyɔnu atsɔ nunana vɛ, eye ŋutsu kesinɔtɔwo ava bia amenuveve tso gbɔwò.
13 公主穿戴齊備,姍姍來迎,她的衣服全是金絲繡成。
Fiavinyɔnu la nye keklẽ sɔŋ le eƒe xɔ me; eye wotsɔ sika lé ɖe eƒe awu legbe ƒe teƒeteƒewo keŋ.
14 她身穿繡衣華服,被弔到君王面前,成群的童女陪伴著她,也到你身邊:
Edo awu legbe si wolɔ̃ kple ka, eye wokplɔe va fia la gbɔe; eƒe dɔlanyɔnu siwo menya ŋutsu o la kplɔe ɖo, eye wokplɔ wo vɛ na wò.
15 在歡樂歌舞聲中,一齊進入了王宮。
Wokplɔ wo ge ɖe eme le dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso me, ale woge ɖe fiasã la me.
16 你的子孫要承嗣你的先祖;立他們為王,統治普天率土。
Mía viŋutsuwo axɔ ɖe mía fofowo teƒe, eye míawɔ wo fiaviwo le anyigba la katã dzi.
17 我要使你的名永垂不朽;萬民將歌頌你至永久。
Mana woaɖo ŋku dziwò le dzidzimewo katã me, eya ta dukɔwo akafu wò tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

< 詩篇 45 >