< 詩篇 40 >

1 達味詩歌,交與樂官。 我慹切誠懇地期待了上主,祂便垂顧俯聽了我的哀訴。
David ƒe ha na hɛnɔ la. Mele mɔ kpɔm na Yehowa le dzigbɔɖi blibo me; etrɔ ɖe ŋutinye, eye wòse nye ɣlidodo.
2 祂把我從禍坑與污泥中救出,放我在磐石上,穩定我的腳步。
Ehem do goe tso ʋe dziŋɔ me, eye wòɖem tso ba finyafinya me, hetsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòna meli ke ɖe afi si metɔ ɖo.
3 祂將新歌置於我口,為讚美我們的天主!眾人見了起敬起畏,都將全心信賴上主。
Etsɔ ha yeye de nunye si nye kafukafuha na míaƒe Mawu la. Ame geɖewo akpɔe, woavɔ̃e, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.
4 凡全依靠上主,不對傲慢傾慕,且又不依附虛偽的,這人真有福!
Woayra ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, ame si mekpɔa dadalawo ƒe asinu, alo kplɔa ame siwo dze alakpalegbawo yome o.
5 上主,我的天主! 你行的奇蹟異事,真令人不知幾許!你對我們的計畫,無人能與你相輔,我縱願宣揚伸述,也多得不可勝數。
O! Yehowa, nye Mawu, wò nukunu siwo nèwɔ la sɔ gbɔ loo! Ɖoɖo geɖe siwo nèwɔ ɖe mía ŋu la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo afia wò o. Ne ɖe wòanye be maƒo nu le wo ŋu, eye maxlẽ wo afia la, nyemate ŋui o, elabena wosɔ gbɔ akpa.
6 犧牲與素祭已非你所喜,就開了我的耳朵;全燔之祭以及贖罪之祭,也非你所要。
Mèdi vɔsa kple nunana, alo bia numevɔsa kple akpedavɔsa o, ke boŋ èʋu nye towo be mase wò gbe,
7 於是我說:你看,我已到來!關於我,書卷上已有記載:
eya ta meɖo ŋu be, “Nyee nye si meva; agbalẽ mee woŋlɔe ɖo tso ŋutinye.
8 我的天主,承行你的旨意為我所喜愛,你的法律常於我的心懷。
Medi be mawɔ wò lɔlɔ̃nu, O! Nye Mawu, woŋlɔ wò se la ɖe nye dzi me.”
9 在盛大的集會中,我宣揚了你的正義,看,我並沒有閉口不言,上主,你全知悉。
O! Yehowa, meɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gã la dome, eye abe ale si nènya ene la, nyememia nye nu o.
10 我從沒有將你的義隱蔽在心間,對你的忠厚和救援時時各處宣傳;對於你的慈愛和忠義,在盛會中我沒有隱蔽,
Nyemeɣla wò dzɔdzɔenyenye ɖe nye dzi me o, ke boŋ meƒo nu le wò nuteƒewɔwɔ kple ɖeɖe ŋuti. Nyemeɣla wò lɔlɔ̃ kple wò nyateƒe la ɖe ameha gã la o.
11 上主,求你對我不要撤回你的憐憫,願你的慈愛和忠誠對我時加保存。
O! Yehowa, mègate wo nublanuikpɔkpɔ o, ke boŋ na be wò lɔlɔ̃ kple wò nyateƒe nakpɔ tanye ɖaa,
12 因為,四周困迫我的災禍,實不可勝數;我的罪過緊握著我,使我無法目睹;數目比我頭髮還多,真使我心痛苦。
elabena fukpekpe siwo mele xexlẽ o la ɖe to ɖem, nye nu vɔ̃wo wu tsɔtsɔ nam eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o. Wosɔ gbɔ wu nye taɖa, eye dzi ɖe le ƒonye.
13 上主,求你開恩救我,上主,求你速來救我。
O! Yehowa, nedze ŋuwò be nàɖem; O! Yehowa, va kaba nàɖem.
14 願那些圖謀害我的人,一同蒙恥受辱,願那些喜歡我遭難的人,一起含羞退走!
Ŋu nekpe ame siwo katã le nye agbe dim ne woaɖe ɖa la; woƒe mo netsi dãa, eye ame siwo katã le nye gbegblẽ dim la negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.
15 願那些哈哈戲笑我的人,都滿面羞慚地驚惶失神!
Ame siwo le gbɔgblɔm ɖe ŋunye be, “Ehɛ̃! Ehɛ̃!” la ƒe ŋukpe newɔ moya na wo.
16 願那些尋求你的人,都因你而歡欣彭舞,願戀慕你的人,都常說:大哉上主!
Ke ame siwo katã dia wò la akpɔ dzidzɔ, eye woatso aseye akpɔ dzidzɔ le mewò. Ame siwo lɔ̃a wò ɖeɖe la negblɔ ɖaa be, “Mido Yehowa ɖe dzi!”
17 我既然卑微貧苦,我主卻對我眷顧;你是我的助佑,我的救援,我的天主,求你不要遲延。
Ke nye la, meda ahe, eye hiã le tu yem, O! Aƒetɔ, ɖo ŋku dzinye. O! Nye Mawu, wòe nye nye kpeɖeŋutɔ kple nye xɔname, mègahe ɖe megbe o.

< 詩篇 40 >