< 詩篇 38 >

1 達味紀念歌。 上主,求你不要在你的震怒中責罰我,求你不要在你的氣憤中懲戒我。
David ƒe ha. Kukuɖeɖe. O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me, alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o,
2 因為你的箭射中了我,你的手重壓了我。
elabena wò aŋutrɔwo ƒo ɖem, eye wò asi sẽ ɖe dzinye.
3 因了你的盛怒,我已體無完膚;因了我的罪行,我已粉身碎骨。
Wò dziku helĩhelĩ la wɔe be ŋusẽ aɖeke megale menye o; nye ƒuwo tugu le nye nu vɔ̃ ta.
4 因為我的罪過高出我的頭頂,好似重擔把我壓得過分沉重。
Nye dzidada kɔ gbɔ tanye abe agba kpekpe si nyemate ŋu atsɔ o la ene.
5 我的創痍漬爛流膿,完全由於我的愚矇。
Nye abiwo ƒaƒã hele ʋeʋẽm le nye bometsitsi ƒe nu vɔ̃ ta.
6 我悲傷得身已傴僂,終日行動滿懷憂愁。
Wobɔbɔm ɖe anyi, eye woɖi gbɔ̃m, eye ŋkeke blibo la, mele yiyim le nuxaxa me.
7 因為我的腰肢焦灼難受,我的肉體已無完膚。
Vevesese manyagblɔ aɖe xɔ nye ame blibo la me, eye ŋusẽ aɖeke megale nye ameti blibo la ŋu o.
8 我已筋疲力盡,奄奄一息;我已心痛欲絕,嗟嘆不已。
Megbɔdzɔ, hegba gudugudu, eye mele ŋeŋem le nye dzi ƒe vevesese ta.
9 我主,我的呻吟常在你的面前,我的悲歎不向你隱瞞;
O! Aƒetɔ, nye dzimedidiwo katã le ŋkuwò me, eye nye hũɖeɖewo meɣla ɖe wò o.
10 我的心顫慄,我的精力衰退,我眼目的光明也已消逝。
Nye dzi le tsotsom kpokpokpo, ŋusẽ vɔ le ŋunye, eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o.
11 我遭難時,我的友朋都袖手旁觀,我的親人都站得很遠。
Le nye abiawo ta, xɔ̃nyewo kple nye zɔhɛwo ƒo asa nam, eye nye aƒelikawo hã le adzɔge nam.
12 追尋我命的人,張設網羅,設法害我的人,散布惡謨,他們行詭計日夜思索。
Ame siwo le nye agbe yome tim la tre mɔ nam, ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la le nu ƒom tso nye gbegblẽ ŋuti; ŋkeke blibo la wole ɖoɖo wɔm ɖe alakpadada ŋu.
13 但我好像是一個有耳聽不見的聾子,我又好像是一個有口不能言的啞巴。
Mele abe tokunɔ si mate ŋu ase nu o la ene, eye mele abe aɖetututɔ si mate ŋu aƒo nu o la ene.
14 我竟成了一個沒有聽覺的人,成了一個口中沒有辯詞的人。
Mele abe ame si mesea nu o la ene kple ame si mate ŋu atsɔ eƒe nu aɖo nya aɖeke ŋu o la ene.
15 因為我唯有仰慕你,上主,你必應允我,我主我天主!
O! Yehowa, mele asiwò nu kpɔm, O! Aƒetɔ, nye Mawu, atɔ nam godoo.
16 我原來說過:「不要讓他們洋洋得意,不要讓他們因我的失足而沾沾自喜。」
Elabena megblɔ be, “Mègana be woakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋutinye, alo woado wo ɖokui ɖe dzi ɖe ŋutinye ne nye afɔ ɖiɖi o.”
17 我生來就易於失足,因此我常心懷痛苦。
Esusɔ vie ko madze anyi, eye nye vevesese la le edzi ɖaa.
18 我的確承認我犯了罪愆,我為了我的過惡而憂慚。
Meʋu nye dzidada me, eye nye nu vɔ̃ ɖe fu nam.
19 無故加害我的人,力強兇暴,無理憎恨我的人,成群結伙;
Ame geɖewoe nye nye futɔ gãwo, eye ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la sɔ gbɔ ŋutɔ.
20 他們都以怨報德而對待我,因我追求正義而惱恨我。
Ame siwo tsɔ vɔ̃ ɖo nyui siwo mewɔ teƒe la ƒo ɖi nye ŋkɔ, esi meti nu si nyo la yome.
21 上主,求你不要捨棄我,我主,求你不要遠離我。
O! Yehowa, mègagblẽm ɖi o, O! Nye Mawu, mèganɔ adzɔge nam o.
22 我的上主,我的救助,求你速來給我護祐。
Va kaba, nàɖem, O! Aƒetɔ, nye Ɖela.

< 詩篇 38 >