< 詩篇 36 >
1 上主的僕人達味作,交與樂官。 惡人從心裏就喜愛不義,他毫無敬愛天主的誠意。
David, Yehowa ƒe dɔla, ƒe ha na hɛnɔ la. Yehowa ƒe gbedeasi aɖe le nye dzi me tso ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋuti. Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele woƒe ŋkuwo me o.
2 他只是在自己的心裏自慰:無人發現他的罪,無人懲治。
Elabena le eya ŋutɔ ŋkume, wòvivi nu me na eɖokui ale gbegbe be mete ŋu kpɔ eƒe nu vɔ̃ dze sii alo wòagbe nu le egbɔ o.
Eƒe numenyawo vɔ̃ɖi, henye beble sɔŋ, eye wòdzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya me kple nu nyui wɔwɔ.
Eɖoa nu vɔ̃ɖi le eƒe aba dzi, etsɔa eɖokui dea asi na nu si nye vɔ̃, eye megbea nu si nye nu gbegblẽ o.
O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ kɔ ɖatɔ dziƒowo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ tɔ dziŋgɔli ke.
6 你的正義有如摩天的高山,你的公平有如無底的深淵;上主使人畜生命安全。
Wò dzɔdzɔenyenye le abe to gãwo ene, eye wò afiatsotso le abe tɔ goglo ene. O! Yehowa, èkpɔa amegbetɔwo kple lãwo siaa ta.
7 天主,你的慈愛多麼可貴可珍,人子們都向你的護翼下投奔。
Wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la xɔ asi loo! Ame siwo ŋuti bubu le kple ame siwo ŋuti mele o, le amegbetɔviwo dome siaa kpɔa sitsoƒe le wò aʋala ƒe vɔvɔli te.
8 他們不但飽嘗你宮殿中的盛筵,你還賜他們暢飲你人怡人的溪川。
Wò aƒemenu gbogboawo nye nuɖuɖu na wo, eye nènaa tsi wo wonona tso wò dzidzɔtɔsisi la me.
9 因為在你那裏有生命的泉源,藉的光明才能把光明看見。
Elabena gbɔwòe agbe ƒe tsitsetse la le, eye wò kekeli mee míekpɔa kekeli le.
10 求你為恭你的人保留恩寵,並為心地正直的人保持公平。
Yi edzi nàɖe wò lɔlɔ̃ afia ame siwo nya wò, eye nàɖe wò dzɔdzɔenyenye afia ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka.
11 求你不要高傲人的腳踐踏我,求你不要讓罪惡人的手騷擾我。
Dadalawo megaɖo afɔ dzinye, alo ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi nanyam o.
12 請看! 作惡的人己經一敗塗地,他們既已傾倒,無法重新興起。
Kpɔ ale si nu vɔ̃ɖi wɔlawo dze anyi ɖe anyigbae ɖa; wotutu wo ƒu anyi, eye womete ŋu fɔ o!