< 詩篇 34 >

1 【頌上主保佑之恩】 達味在阿彼默勒客前佯狂,被逐逃走時作。 我要時時讚美上主,我要常時讚頌上主;
David ƒe ha. Ekpa ha sia esime wòdo aɖaʋatɔ eɖokui le Abimelek ŋkume, eye wònyae wòdzo. Mado Yehowa ɖe dzi ɣe sia ɣi; eye eƒe kafukafu anɔ nye nu me ɖaa.
2 我的心靈因上主而自豪,願謙卑的人聽到也都喜躍。
Nye luʋɔ aƒo adegbe le Yehowa me, ame siwo le veve sem la nesee ne woakpɔ dzidzɔ.
3 請你們同我一起讚揚上主,讓我們齊聲頌揚上主的名。
Mido kɔkɔ Yehowa kplim; mina míawɔ ɖeka ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi.
4 我尋求了上主,祂聽了我的訴求:由我受的一切驚惶中,將我救出。
Meyɔ Yehowa, eye wòtɔ nam heɖem tso nye vɔvɔ̃wo katã me.
5 你們瞻仰祂,要喜形於色,你們的面容,絕不會羞愧。
Ame siwo tsɔ woƒe ŋku da ɖe edzi la aklẽ, ŋukpe matsyɔ mo na wo o.
6 卑微人一呼號,上主立即俯允,上主必救他脫離一切苦辛。
Hiãtɔ sia yɔe, eye Yehowa ɖo toe, heɖee le eƒe xaxawo katã me.
7 在那敬愛上主的人四周,有上主的天使紮營護守。
Yehowa ƒe dɔlawo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlã ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea wo.
8 請你們體驗,請你們觀看:上主是何等的和藹慈善!投奔上主的必獲真福永歡。
Miɖɔe kpɔ, ne miakpɔe be Yehowa ƒe dɔ me nyo; woayra ŋutsu si be ɖe eya amea me.
9 上主的聖民應該敬愛上主,敬愛祂的人不會受到窮苦。
Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, elabena naneke mehiãa ame siwo vɔ̃nɛ la o.
10 富貴的人竟成了赤貧,忍飢受餓,尋求上主的人,卻不缺任何福樂。
Dɔ awu dzatawo, eye woagbɔdzɔ, gake ame siwo dia Yehowa ya la, kesinɔnu aɖeke mahiã wo o.
11 孩子們,你們來聽我指教,我要教你們敬愛上主之道。
Miva, vinyewo, miɖo tom, ne mafia Yehowavɔvɔ̃ mi.
12 誰是愛好長久生活的人?誰是渴望長壽享福的人?
Mia dometɔ siwo lɔ̃ agbe, eye miedi be miakpɔ ŋkekenyui geɖewo la,
13 就應謹守口舌,不說壞話,克制嘴唇,不言欺詐;
mikpɔ miaƒe aɖewo dzi nyuie tso vɔ̃ ŋuti, eye miaƒe nuyiwo tso aʋatsokaka ŋuti.
14 躲避罪惡,努力行善,尋求和平,追隨陪伴。
Mite ɖa le vɔ̃ gbɔ, eye miawɔ nu nyui, midi ŋutifafa, eye miati eyome.
15 因為上主的雙目垂顧正義的人,上主的兩耳聽他們的哀聲。
Yehowa ƒe ŋku le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu;
16 上主的威容敵視作惡的人民,要把他們的紀念由世上滅盡。
ke Yehowa klẽa ŋku ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo be wòaɖe wo ɖa le anyigba dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ o.
17 義人一呼號,上主立即俯允,拯救他們出離一切的苦辛。
Ame dzɔdzɔewo do ɣli, Yehowa see, eye wòɖe wo le woƒe xaxawo katã me.
18 上主親近心靈破碎的人,上主必救助精神痛苦的人。
Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòɖea ame siwo ƒe gbɔgbɔ wogbã ƒu anyi.
19 義人的災難雖多,上主卻救他免禍;
Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ ŋutɔ, gake Yehowa ɖenɛ le wo katã me;
20 把他的一切骨骸保全,連一根也不容許折斷。
ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta, eye womaŋe wo dometɔ aɖeke o.
21 邪惡為惡人招來死亡,憎恨義人者應該補償。
Dzɔgbevɔ̃e awu ame vɔ̃ɖi, eye woabu fɔ ame dzɔdzɔewo ƒe futɔwo.
22 上主救助祂僕人生命,投奔祂的必不受處刑。
Yehowa ɖea eƒe dɔlawo, eye womabu fɔ ame siwo katã sinɛ tsona la o.

< 詩篇 34 >