< 詩篇 32 >

1 罪惡蒙赦免,過犯得遮掩的人,有福的。
David ƒe nufiameha. Woayra ame si wotsɔ eƒe dzidadawo kee, eye wotsyɔ nu eƒe nu vɔ̃wo dzi.
2 上主不歸咎,心中無詐欺的人是有福的。
Woayra ŋutsu si Aƒetɔ la meɖe vodada na o, eye alakpa mele eƒe gbɔgbɔ me o.
3 就在我緘默不語的時期內,我的骸因常傷歎而疲衰;
Esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖii ŋkeke blibo la katã na nye ƒuwo nyunyɔ.
4 因為你的手晝夜在重壓著我,我的力量像在盛暑中而消耗。(休止)
Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye zã kple keli katã, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye abe dzomeŋɔli ƒe dzoxɔxɔ mee mele ene. (Sela)
5 我終於向你承認我的罪過,絲毫也沒有隱瞞我的邪惡,我說:「我要向上主承認我的罪孽,」你立刻便寬赦了我的罪債。(休止)
Tete meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò, eye nyemetsyɔ nu nye dzidadawo dzi o. Megblɔ be, “Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa”, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒe yomedzenuwo kem. (Sela)
6 為此虔敬的人在困厄時,都應向你哀禱,縱使大水氾濫成災,他也不會遭受波濤。
Mawumemewo katã nedo gbe ɖa na wò zi ale si nèli kpli wo, elabena enye nyateƒe be ne tɔsisi gãwo ɖɔ la, womade wo gbɔ o.
7 你是我的避難所,救我脫離災禍,你以拯救我的喜樂,常環繞著我。(休止)
Wòe nye nye bebeƒe, àɖem tso xaxa me, eye àtsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsohawo aƒo xlãm. (Sela)
8 我教導你,指示你應走的正道,雙眼注視你,親自作你的嚮導。
Mafia nu wò, eye mafia mɔ si nàto la wò. Maxlɔ̃ nu wò, eye makpɔ tawò.
9 不要像騾馬一般糊塗,需要韁轡來加以管束;不然,不向你眼前趨赴。
Mèganɔ abe sɔ alo tedzisɔ siwo nunya mele tagbɔ na o la ene o, elabena ele be woade ka kple numega nu me na wo hafi amla wo, ne menye nenema o la, womate ŋu ate ɖe ŋuwò o.
10 邪惡的人必要受許多的痛苦;仰望上主的人,必有慈愛圍護,
Ame vɔ̃ɖiwo kpea fu geɖe, ke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ƒoa xlã ame siwo ɖoa dzi ɖe eŋu la.
11 正義的人們!你們應在上主內歡欣喜樂。 心正的人們!你們應在上主內歡呼踴躍。
Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, mi ame dzɔdzɔewo; midzi ha, mi ame siwo katã ƒe dzi le dzɔdzɔe!

< 詩篇 32 >