< 詩篇 25 >

1 【靠上主的祈禱】上主,我向你把我的心舉起,
David ƒe ha. O! Yehowa, wòe mekɔ nye luʋɔ ɖe dzi na.
2 我的天主,我全心要倚靠你。求你不要使我蒙受羞恥,不要容許我的仇人歡喜。
O! Nye Mawu, ŋuwòe meɖo dzi ɖo. Mègana ŋu nakpem, alo nàɖe mɔ nye futɔwo naɖu dzinye o.
3 凡期望你的人絕不會蒙羞,唯冒昧失信人才會受辱。
Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò la, ŋu makpee akpɔ gbeɖe o; gake ŋu akpe ame siwo nye vivimenuwɔlawo.
4 上主,求你使我認識你的法度,並求你教訓我履行你的道路。
O! Yehowa, fia wò mɔwo kple wò toƒewom,
5 還求你教訓我;引我進入真理之路,我終日仰望你,因你是救我的天主。
kplɔm le wò nyateƒe la me, eye nàfia num, elabena wòe nye nye Mawu kple nye Ɖela, eye nye mɔkpɔkpɔ le mewò ŋkeke blibo la katã.
6 上主,求你憶及的仁慈和恩愛,因為它們由亙古以來就常存在。
O! Yehowa, ɖo ŋku wò lɔlɔ̃ kple wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la dzi, elabena woli tso blema ke.
7 我青春的罪愆和過犯,求你要追念;上主,求你紀念我,照你的仁慈和良善。
O! Yehowa, mègaɖo ŋku nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo kple nye aglãdzemɔwo dzi o; ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò lɔlɔ̃ la ta, elabena nyuiwɔwɔ le mewò.
8 因為上主仁慈又正直,常領迷途者歸回正路,
Yehowa nyo, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe, eya ta efiaa eƒe mɔ nu vɔ̃ wɔlawo.
9 引導謙卑者遵守正義,教善良者走入正途。
Ekplɔa ɖokuibɔbɔlawo to nu dzɔdzɔe wɔwɔ me, eye wòfiaa eƒe mɔ wo.
10 對待持守上主的盟約和誡命的人,上主的一切行徑常是慈愛和忠誠。
Yehowa ƒe mɔwo katã nye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ na ame siwo léa eƒe nubablamenyawo ɖe asi.
11 上主,為了你聖名的緣故,求你赦免我重大的愆尤。
O! Yehowa, togbɔ be nye dzidada sɔ gbɔ ale gbegbe hã la, tsɔ wo kem le wò ŋkɔ la ta.
12 不論是誰,只要他敬愛上主,上主必指示他應選的道路,
Ekema ame kawoe nye ŋutsu ma siwo vɔ̃a Yehowa? Afia nu wo le mɔ si woato la dzi.
13 他的心靈必要安享幸福,他的後裔必能承繼領土。
Woakpɔ dzidzedze le woƒe agbemeŋkekewo me, eye woƒe dzidzimeviwo anyi anyigba la ƒe dome.
14 上主親近敬愛自己的人民,也使他們認識自己的誓盟。
Yehowa gblɔa nya ɣaɣlawo na ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea eƒe nubabla fiaa wo.
15 我的眼睛不斷地向上主瞻仰,因為祂使我的雙腳脫離羅網。
Nye ŋkuwo le Yehowa ŋu ɖaa, elabena eya koe aɖe nye afɔ le mɔ me.
16 求你回顧,求你憐憫,因為我是孤苦伶仃。
Trɔ ɖe ŋunye ne nàve nunye, elabena metsi akogo, eye hiã tum.
17 求你減輕我心的苦難,救我脫離我的憂患;
Nye dzi ƒe nuxaxawo do gã ɖe edzi, na vovom tso nye vevesesewo me.
18 垂視我的勞苦和可憐,赦免我犯的一切罪愆。
Nye kɔ nàkpɔ nye nuxaxa kple nye vevesese ɖa, eye nàɖe nye nu vɔ̃wo katã ɖa.
19 請看我的仇敵如何眾多,他們都兇狠地痛恨著我。
Kpɔ ale si nye futɔwo dzi ɖe edzii ɖa, eye nàkpɔ ale si wolé fum ɖikaɖikae ɖa!
20 求你保謢我的生命,向我施救,別叫我因投奔你而蒙受羞辱。
Kpɔ nye agbe ta, eye nàɖem; megana ŋu nakpem o, elabena mewòe mebe ɖo.
21 願清白和正直護衛我!上主,因我唯有仰望你。
Nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye nedzɔ ŋunye, elabena nye mɔkpɔkpɔ le mewò.
22 天主,求你拯救以色列,使他脫離一切的禍災
O! Mawu, ɖe Israel tso woƒe xaxawo katã me.

< 詩篇 25 >