< 詩篇 144 >

1 上主,我的磐石,他應該常受頌讚!他教我的手能鬥,教我的指能戰。
David ƒe ha. Woakafu Yehowa, nye Agakpe la, ame si fia aʋawɔwɔ nye asi kple asibidɛwo.
2 他是我的力量,我的堡壘,他是我的干城,我的救主,我的盾牌及我的避難所,他使萬民都來屈服於我。
Enye nye Mawu lɔlɔ̃tɔ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye xɔnametɔ kpakple nye akpoxɔnu, nye Mawu si me mebe ɖo, ame si bɔbɔ nye dukɔ ɖe tenye.
3 上主,世人算什麼,您竟眷顧他,人子算什麼您竟懷念他?
O! Yehowa, nu kae nye amegbetɔ be nètsɔ ɖe le eme nɛ kple amegbetɔvi be nèbua eŋuti?
4 世人不過像一口氣,他的歲月如影消逝。
Amegbetɔ le abe gbɔgbɔ ko ene, eye eƒe ŋkekewo le abe vɔvɔli si va yina kaba la ene.
5 上主,求您將天低垂,親自降凡,您一觸摸群山,群山立即冒煙。
O! Yehowa, dze wò dziƒowo ne nàɖi va, eye nàka asi towo ŋu, be woatu dzudzɔ.
6 求您發出閃電,將敵人驅散,求您把箭射出,使他們混亂。
Dɔ dzikedzo ɖa woakaka futɔwo, da wò aŋutrɔ, eye nàtsrɔ̃ wo.
7 求您自高處伸出您的手,救拔我,求您由洪水和外人手中,拯救我!
Do wò asi ɖa tso dziƒo nàxɔ nam, eye nàɖem tso tsi sesẽwo kple amedzrowo ƒe asi me,
8 他們的口舌只說虛言謊語,只是為發假誓而舉起右手。
ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa, eye woƒe nuɖusi blea ame.
9 天主,我要向您高唱新曲,我要彈十絃琴向您詠奏。
O! Mawu, madzi ha yeye na wò, matsɔ kasaŋku, ka ewo tɔ aƒo ha na wò,
10 是您賜給君王獲得了勝利,是您拯救了您的僕人達味。
wò ame si na dziɖuɖu fiawo, eye nèɖe wo dɔla David tso yi vɔ̃ɖi ƒe asi me.
11 求您由凶險的刀劍救拔我,求您由外人的手掌拯救我!他們的口舌只說虛言謊語,只是為發假誓而舉起右手。
Xɔ nam, eye nàɖem tso amedzrowo ƒe asi me, ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa, eye woƒe nuɖusi blea ame.
12 願我們的兒子們,從幼就像茂盛的果樹,願我們的女兒們,像宮殿中雕刻的砥柱!
Ekema mía viŋutsuwo le woƒe ɖekakpuime, anɔ abe ati siwo wode tsii nyuie ene, eye mía vinyɔnuwo anɔ abe sɔti si ŋu wota nu ɖo hetsɔ ɖo atsyɔ̃e na fiasã ene.
13 願我們倉廩裡的各種食糧常滿,願我們牧場上的羊群,蕃殖億萬!
Míaƒe avawo ayɔ fũu kple nuku vovovowo. Míaƒe alẽwo adzi ɖe edzi le akpewo kple akpe ewowo me le míaƒe lãnyiƒewo.
14 願我們的牲畜常滿載重量,城牆沒有缺口也沒有逃亡,我們的街市中也沒有悲傷。
Nenema ke míaƒe nyiwo atsɔ agba kpekpewo vɛ. Ale gli gbagbã maganɔ anyi o, aboyomeyiyi maganɔ anyi o, eye xaxa ƒe avifafa magaɖi le míaƒe mɔtatawo dzi azɔ o.
15 身逢這些福樂的百姓,真是有福,認上主為天主的人民,真是有福。
Woayra dukɔ si wòava eme na alea le nyateƒe me; Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa.

< 詩篇 144 >