< 詩篇 143 >

1 達味聖詠。上主,求你俯聽我的祈禱,因你忠誠,俯允我的哀號,我求你俯允,因你的公道!
David ƒe ha. O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, lé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu, eye nàxɔ nam le wò nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye ta.
2 千萬不要傳喚你的僕人前去受審,因為活人在你面前不能稱為義人;
Mègabu fɔ wò dɔla o, elabena amegbetɔ aɖeke mele dzɔdzɔe le ŋkuwò me o.
3 仇人迫害我,將我的生命壓倒在地,置我於黑暗之中,視我與死人無異;
Futɔ la ti yonyeme, egbãm ɖe anyigba, eye wòna menɔ viviti me abe ame siwo ku xoxo va yi la ene.
4 我的精神在我內萎靡不振,我的心靈在我內漸形殭硬。
Nu te nye gbɔgbɔ ŋu le menye, eye nye dzi wɔ yaa le menye.
5 我回憶以往的時日,默想你的各種奇事,思量你手中的作為。
Meɖo ŋku blemaŋkekeawo dzi, hede ŋugble le wò dɔwɔwɔwo katã ŋuti, eye mebu nu siwo wò asiwo wɔ la ŋuti.
6 向著你我常伸開我的雙手,渴慕你我的靈魂有如乾土。(休止)
Mekeke nye abɔwo me na wò, eye nye luʋɔ ƒe ve me ƒu ɖe ŋuwò abe kuɖiɖinyigba ene. (Sela)
7 上主,求你快來俯聽我,因我的精神萎靡坎坷;莫要對我遮掩你的慈顏,莫讓我像陷入深坑者然。
O! Yehowa, tɔ nam kaba, elabena nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Mègaɣla wò mo ɖem o, ne menye nenema o la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime ene.
8 賜我清晨得聞你的仁慈,因我完全信賴你;讓我認識我應走的道路,因我舉心嚮往你。
Na ŋdi natsɔ wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ƒe nya vɛ nam, elabena dziwòe meka ɖo. Fia mɔ si mato lam, elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na.
9 求你救我擺脫我的仇敵!上主因為我時常投奔你!
O! Yehowa, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me, elabena mewòe mebe ɖo.
10 求您教我承行您的旨意,因您是我的天主。願您的善神時常引我導我,走上平坦的樂土。
Fiam ale si mawɔ wò lɔlɔ̃nu, elabena wòe nye nye Mawu; na wò Gbɔgbɔ nyui la nakplɔm to anyigba sɔsɔe dzi.
11 上主,為了您的聖名,讓我得以生存,為了您的慈愛,領我走出苦津,
O! Yehowa, le wò ŋkɔ la ta, kpɔ nye agbe ta, le wò dzɔdzɔenyenye ta, ɖem le xaxa me.
12 為您恩佑,滅我仇人,剷除磨難我的諸人,因為我是您的僕人。
Le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta, mia nu na nye futɔwo; tsrɔ̃ nye ketɔwo katã, elabena wò dɔlae menye.

< 詩篇 143 >