< 詩篇 141 >

1 上主,我呼求您,請求速來救助我;上主,我呼求您,請您聽我的呼號。
David ƒe ha. O! Yehowa, mele yɔwòm, va gbɔnye kaba. Se nye gbe, ne meyɔ wò.
2 願我向您的祈禱,像馨香上升;願我的手高舉,如同晚祭的高騰。
Nye gbedodoɖa neva gbɔwò abe dzudzɔ ʋeʋĩ ene, eye na be nye asi siwo medo ɖe dzi la, nanɔ na wò abe fiẽvɔsa ene.
3 上主,求您在我的口邊派守衛,求您在我的唇前派警備。
O! Yehowa, ɖo dzɔla nye nu ŋu, eye nɔ ŋudzɔ ɖe nye nuyi ƒe ʋɔtru ŋu.
4 莫讓我的心傾向邪道,免得我再去犯罪作惡;莫讓我與惡人同作壞事,免得我嚐食他們的美味。
Mègana be woahe nye dzi ɖe nu vɔ̃ɖi ŋuti, be mayi gome kpɔ ge le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me kple ŋutsu, nu vɔ̃ɖi wɔlawo o, eye mègaɖe mɔ be maɖu woƒe nuɖuɖu viviwo o.
5 義人責打我,算是我的恩遇,他責斥我,是給我頭的傅油。我的頭也決不會加以抗拒,我仍然為迫害我的人祈求。
Na ame dzɔdzɔe naƒom, enye dɔmenyo wòwɔ nam, na wòaka mo nam, enye ami wòsi ɖe ta nam. Nye ta magbe exɔxɔ o. Gake nye gbedodoɖa tsia tsitre ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe wɔnawo ŋu ɖaa,
6 當他們的首領被拋於巖石時,纔感覺到我的話是如何甘飴。
woatutu woƒe dziɖulawo tso togbɛwo dzi aƒu agame, eye ame vɔ̃ɖiwo anya be megblɔ nye nyawo memie ɖe eteƒe.
7 他們的骨頭被棄置在陰府門旁,像人耕地掘田,將土塊任意拋放。 (Sheol h7585)
Woagblɔ be, “Abe ale si ame ŋlɔa nu hedzoboa anyigbae ene la, nenemae woakaka míaƒe ƒuwoe ɖe yɔdowo nu.” (Sheol h7585)
8 上主天主,我的雙目一直仰望你,我信賴你,不要將我的靈魂拋棄。
O! Aƒetɔ Yehowa, meda nye ŋkuwo ɖe dziwò, mewòe mebe ɖo, mègatsɔm na ku o.
9 求你保護我免陷於他們為我設的網羅,求你使我能夠脫離為非作歹者的圈套。
Ɖem le mɔ siwo wotre nam la me, tso mɔkli si nu tovo wɔlawo ɖo ɖi la me.
10 願惡人一起墮入自設的網羅,而我卻得以安然無恙地脫逃。
Na ame vɔ̃ɖiwo naɖo woawo ŋutɔ ƒe ɖɔwo me, ne matso eme ayi le dedinɔnɔ me.

< 詩篇 141 >