< 詩篇 140 >

1 上主,求您救拔我脫離兇惡的人; 上主,求您保護我脫離強暴的人!
David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me eye dzɔ ŋunye le ŋutsu ŋutasẽlawo ta,
2 他們心中策劃惡謀,他們終日挑撥爭鬥;
ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe dzi me, eye wodoa aʋa gbe sia gbe.
3 他們磨快自己的舌尖,有如蛇蝮,他們的雙脣的下面,含有蛇毒。 (休止)
Wonyre woƒe aɖewo wole ɖaɖam abe da tɔ ene, eye da ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu. (Sela)
4 上主,求您拯救我脫離兇惡的人;上主,求您保護我擺脫強暴的人,因他們企圖要我腳步滑倒。
O! Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, dzɔ nye agbe ŋu le ŋutsu ŋutasẽlawo ta, ame siwo ɖo be woaɖe afɔ le tenye.
5 驕傲人給我暗暗設網羅,張起繩索作為圈套,設下陷井等我路過。 (休止)
Dada tre mɔ da ɖe ɣaɣlaƒe nam, woɖo ɖɔ, keke eme da ɖi nam eye wotre azãwo da ɖe nye toƒe. (Sela)
6 我求上主說:您是我的天主;上主,求您聽我哀禱的苦訴!
O! Yehowa, megblɔ na wò be, “Wòe nye nye Mawu.” See, o Yehowa, se nye nublanuiɣli.
7 上主天主,您是我有力的救助,在作戰時,請您掩護我的頭顱。
O! Aƒetɔ Yehowa, nye Ɖela sesẽ, ame si ɖɔ gakuku nam le aʋakpegbe.
8 上主,求您不要順隨惡人的奢欲;上主,請不要完成他們的計謀。 (休止)
O! Yehowa, mègana ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nava eme na wo o, eye mègana woƒe ɖoɖowo nadze edzi na wo o, ne menye nenema o la, woanɔ dadam. (Sela)
9 願那些顯露頭而圍困我的人,出於他們口脣的詛咒,反歸己身。
Na fukpekpe si ame siwo ɖe to ɖem ƒe nuyiwo he vɛ la, nanye tsyɔ woƒe ta dzi.
10 願火降落在他們的身上,將他們拋入深坑免再高昂。
Na dzoka xɔxɔwo nadza ɖe wo dzi; wonetsɔ wo ƒu gbe ɖe dzo me kple ʋe globowo me, eye womegafɔ akpɔ gbeɖe o.
11 搬弄是非的人,不得在世久存,災禍會突然使強暴的人被擒。
Ŋutsu ameŋugblẽlawo megali ke ɖe anyigba dzi o, eye gbegblẽ neva ŋutsu ŋutasẽlawo dzi.
12 我確知上主必為受壓迫的人伸冤,也必為貧窮的人主持正義的判斷。
Menya be Yehowa tsoa afia na ame dahewo, eye wòxɔa nya ɖe hiãtɔwo nu.
13 義人必定將您的聖名頌讚,善人必定居住在您的面前。
Ame dzɔdzɔewo akafu wò ŋkɔ vavã, eye dzi dzɔdzɔetɔwo anɔ ŋkuwò me ɖaa.

< 詩篇 140 >